Paulo gblɔ mawunya na ame siwo menye Yudatɔwo o
1Le esia ta la, nye Paulo, Kristo Yesu ƒe dɔla, mele gaxɔ me le mi ame siwo menye Yudatɔwo o la ta. 2Mexɔe se be miese Mawu ƒe amenuveve, si wònam le mia ta, 3le esia me be Mawu na menya eƒe ɖoɖo ɣaɣla la be ame siwo menye Yudatɔwo o hã nakpɔ amenuveve. Megblɔ nya sia na mi do ŋgɔ kpuie to agbalẽŋɔŋlɔ na mi me. 4Ne miexlẽ agbalẽ sia la, miase ale si mewɔ nya Kristo ƒe nya ɣaɣla siawo gɔme. 5Le blema la, Mawu meɖe eƒe ɖoɖo sia fia eƒe amewo o, gake fifia la, eɖee fia eƒe apostolo kɔkɔewo kple nyagblɔɖilawo to Gbɔgbɔ Kɔkɔe la dzi.
6Azɔ nya ɣaɣla lae nye be: to nyanyui la gbɔgblɔ me la, ame siwo menye Yudatɔwo o la hã azu domenyilawo abe Israelviwo ene; wozu ƒometɔwo kple ŋutilã ɖeka, eye woakpɔ gome le ŋugbedodo si le Kristo Yesu me la me. 7Mezu nyanyui la ƒe dɔla to Mawu ƒe nunana kple amenuveve si tso eƒe ŋusẽ ƒe dɔwɔwɔ me la me.
8Togbɔ be nyemesɔ kple ame gblɔetɔ kekeake le Mawu ƒe amewo dome o hã la, etsɔ amenuveve sia nam be magblɔ Kristo ƒe nyanyui la na ame siwo menye Yudatɔwo o, 9eye maɖe nya ɣaɣla sia gɔme na ame sia ame. Le blema la, wodzra nya sia ɖo ɖe Mawu, ame si wɔ nuwo katã la me.
10Eƒe susue nye be fifia la, to hame la dzi la, woaɖe Mawu ƒe nunya afia dziɖulawo kple ŋusẽtɔwo le dziƒonutowo me, 11le eƒe ɖoɖo mavɔ si ŋu dɔ wòwɔ to Kristo Yesu, míaƒe Aƒetɔ me la nu.
12Azɔ la, míate ŋu ado ɖe Mawu ŋkume le xɔse, ablɔɖe kple dzideƒotɔ me.
13Eya ta dzi megaɖe le mia ƒo ɖe nye fukpekpewo ta o, ke boŋ mitsɔe be enye bubudede mia ŋu.
Paulo do gbe ɖa ɖe Efeso hame la ta
14Susu sia ta medzea klo doa gbe ɖa na Fofo la, 15ame si gbɔ xɔsetɔwo ƒe ƒomeawo katã, esiwo le dziƒo kple anyigba dzi la kpɔa woƒe ŋkɔ tsona. 16Medoa gbe ɖa be tso eƒe ŋutikɔkɔe ƒe kesinɔnu gbogboawo me la, wòana ŋusẽ tɔxɛ mi to eƒe Gbɔgbɔ la dzi, 17be Kristo nanɔ miaƒe dziwo me to xɔse me. Eye medoa gbe ɖa be miali ke ɖe eƒe lɔlɔ̃ la me, 18be wòana ŋusẽ mi abe ame kɔkɔewo katã ene, eye miate ŋu ase Kristo ƒe lɔlɔ̃ ƒe kekeme, eƒe didime, eƒe kɔkɔme kple eƒe goglome gɔme, 19be mianya be Kristo ƒe lɔlɔ̃ sia ƒo gɔmesesewo katã ta, be Mawu ƒe agbɔsɔsɔ la katã nayɔ mi fũu.
20Azɔ hena eya ame si tea ŋu wɔa nu geɖe wu nu siwo katã míebiana alo susuna, le eƒe ŋusẽ si le dɔ wɔm le mía me la, 21eya tɔe nye ŋutikɔkɔe le hamea me kple Kristo Yesu me le dzidzimewo katã me, tso mavɔ me yi mavɔ me! Amen.