Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures 2020

Efesotɔwo 6:1-24

Ɖeviwo kple dzilawo

1Mi ɖeviwo la, miɖo to mia dzilawo le Aƒetɔ la me, elabena esia le eteƒe. 2“Bu fofowò kple dawò,” esiae nye sedede gbãtɔ si ŋuti ŋugbedodo kpe ɖo, 3“be wòadze edzi na wò nyuie, eye nànɔ agbe didi le anyigba dzi.”

4Mi fofowo la, migado dɔmedzoe na mia viwo o, ke boŋ mihe wo, eye miafia nu wo le Aƒetɔ la me.

Kluviwo kple aƒetɔwo

5Mi kluviwo la, miɖo to miaƒe aƒetɔ siwo le anyigba dzi, mide bubu wo ŋu le vɔvɔ̃ me. Misubɔ wo le anukware blibo me abe ale si miasubɔ Kristo ene. 6Miɖo to wo, menye ɖe esi woakpɔ ŋudzedze le mia ŋu ta o, ke boŋ abe Kristo ƒe kluvi siwo le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔm tso miaƒe dzime ke ene. 7Misubɔ tso dzi blibo me ke abe Aƒetɔ la subɔm miele ene, ke menye amegbetɔ o, 8elabena mienya be Aƒetɔ la ana fetu ame sia ame ɖe eƒe dɔ nyui wɔwɔ ta, eɖanye kluvi alo ablɔɖevi o.

9Mi aƒetɔwo la, miwɔ nu dzɔdzɔewo ɖe miaƒe kluviwo ŋuti abe ale si megblɔ na wo be woawɔ na mi ene. Migado ŋɔdzi na wo o, miɖo ŋku edzi be ame sia nye mi katã ƒe Aƒetɔ le dziƒo, eye Aƒetɔ sia mekpɔa ame aɖeke ƒe ŋkume o.

Mawu ƒe aʋawɔnu blibo la

10Mlɔeba la, misẽ ŋu le Aƒetɔ la me kple Aƒetɔ la ƒe ŋusẽ triakɔ si le mia me la. 11Mikpla Mawu ƒe aʋawɔnu blibo la katã be miate ŋu anɔ te ɖe Abosam ƒe ɖoɖowo kple ayemenu siwo wòɖo ɖe mia ŋuti la nu. 12Elabena míele aʋa wɔm kple ŋutilã kple ʋu o, ke boŋ kple dziɖulawo, ŋusẽtɔwo, xexe sia me vivitimeŋusẽwo kpakple gbɔgbɔmeŋusẽ vɔ̃ɖi siwo le dziƒonutowo me.

13Eya ta mikpla Mawu ƒe aʋawɔnu blibo la katã be ne ŋkeke vɔ̃ la ɖo la, miate ŋu anɔ te ɖe futɔ la nu, eye ne miewɔ aʋa la vɔ la, miaganɔ te sesĩe.

14Minɔ te sesĩe, mitsɔ nyateƒe la bla ali dzi, eye miatsɔ dzɔdzɔenyenye ƒe akɔtablanu la atsyɔ akɔta, 15eye mido afɔkpa siwo ana mianɔ klalo na gbeƒãɖeɖe ŋutifafanyanyui la. 16Kpe ɖe esiawo katã ŋu la, milé xɔse ƒe akpoxɔnu la ɖe asi, elabena eyae miatsɔ atsi vɔ̃ɖitɔ la ƒe aŋutrɔ siwo le abe dzo ƒe aɖewo ene lae. 17Mitsɔ xɔxɔkpɔkpɔ ɖɔ abe gakuku ene, eye milé Gbɔgbɔ la ƒe yi si nye Mawu ƒe nya la ɖe asi.

18Mido gbe ɖa le gbɔgbɔ me ɣe sia ɣi, miwɔ gbedodoɖa ɖe sia ɖe. Minɔ ŋudzɔ, eye miado gbe ɖa ɣe sia ɣi ɖe ame kɔkɔewo katã ta. 19Mido gbe ɖa ɖe nye hã tanye be ne mele nu ƒom la, Mawu nade nya nu nam, be maƒo nu dzideƒotɔe ne mele gbeƒã ɖem nyanyui la ƒe nya ɣaɣlawo, 20nu si ta menye ame dɔdɔ si le game ɖo. Mido gbe ɖa be magblɔ nyanyui la vɔvɔ̃manɔmee, ale si mate ŋui.

Gbedoname mamlɛtɔwo

21Tikiko, ame si nye nɔvi lɔlɔ̃a kple dɔla nuteƒewɔla le Aƒetɔ la me la agblɔ nya sia nya na mi, be miawo hã mianya nu tso ŋunye kple nu si wɔm mele. 22Susu sia dzaa ta ko mele edɔm ɖo ɖe mia gbɔ be mianya ale si míele, eye be wòade dzi ƒo na mi.

23Nɔvi lɔlɔ̃awo, ŋutifafa kple lɔlɔ̃ kpakple xɔse si tso Mawu Fofo la kple Aƒetɔ Yesu Kristo gbɔ la nenɔ anyi kpli mi.

24Mawu ƒe amenuveve kple yayra nanɔ ame siwo katã ɖe lɔlɔ̃ makumaku fia míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo la.