Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures 2020

Galatiatɔwo 1:1-24

1Nye Paulo, apostolo si ame aɖeke medɔ o, eye menye ame aɖeke hã dzi meto o, ke boŋ to Yesu Kristo kple Mawu, Fofo si fɔ Kristo ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la gbɔe agbalẽ sia tso. 2Nɔvi Kristotɔ, siwo le afi sia kplim la le gbe dom na mi.

Na hame siwo le Galatia nutowo me:

3Amenuveve kple ŋutifafa si tso Mawu, mía Fofo la kple Aƒetɔ Yesu Kristo, 4ame si ku ɖe míaƒe nu vɔ̃wo ta abe ale si Mawu, mía Fofo la ɖoe ene, eye wòɖe mí tso nu vɔ̃ ƒe xexe vɔ̃ɖi sia me le Mawu, mía Fofo ƒe lɔlɔ̃nu nu. 5Eya tɔe nye bubu tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me. Amen.

Nyanyui bubu aɖeke megali o

6Ewɔ nuku nam ŋutɔ be miele mia ɖokuiwo hem ɖa kaba alea tso Mawu, ame si yɔ mi be miakpɔ gome le agbe mavɔ si wòna to Kristo ƒe amenuveve me la gbɔ. Miedze nyanyui bubu aɖe yome, 7evɔ la, nyanyui bubu aɖeke megali wu esi míefia mi o. Ame siwo dzea ŋe Kristo ƒe nyateƒe la, eye wotrɔnɛ la le mia flum.

8Nenye míawo alo mawudɔla aɖe tso dziƒo gɔ̃ hã va gblɔ nyanyui bubu aɖe si to vovo tso esi míegblɔ na mi gbɔ la, Mawu ƒe fiƒode neva amea dzi. 9Abe ale si míegblɔe va yi ene la, megale egblɔm be: ne ame aɖe gblɔ nyanyui bubu aɖe wu esi miexɔ la, Mawu ƒe fiƒode neva ame ma dzi.

10Nyemele agbagba dzem be madze amegbetɔwo ŋu o, ke boŋ be madze Mawu ŋu. Nyemele agbagba dzem be madze amewo ŋu o. Nenye ɖe mele agbagba dzem be madze amewo ŋu la, ne nyemenye Kristo ƒe dɔla o.

Mawu yɔ Paulo

11Nɔvi lɔlɔ̃tɔwo, medi be mana mianya be nyanyui si gblɔm mele la menye nya si tso ame aɖeke gbɔ o. 12Nyemexɔe tso ame aɖeke gbɔ o, alo menye ame aɖekee fiam o, ke boŋ mexɔe to ɖeɖefia me tso Yesu Kristo gbɔ.

13Miese nu tso ale si menɔ agbee va yi ŋu esi menɔ Yudatɔwo ƒe subɔsubɔ yome; ale si meti Mawu ƒe hame la yome nublanuimakpɔmakpɔtɔe, hedze agbagba be matsrɔ̃ wo. 14Mekpɔ ŋgɔyiyi geɖe le Yudatɔwo ƒe subɔsubɔ me wu hanyeti geɖewo, eye meʋã ŋu vevie le mía tɔgbuiwo ƒe kɔnyinyiwo ŋu.

15Gake esi wòdze Mawu, si tiam tso danye ƒe dɔ me ke ŋu, eye wòto eƒe amenuveve me yɔm, 16eye wòɖe eya ŋutɔ Via fiam be magblɔ eƒe nya na ame siwo menye Yudatɔwo o la, nyemegblɔ be maxɔ aɖaŋu tso amegbetɔ aɖeke gbɔ o. 17Nyemeyi Yerusalem be matsɔ nya la aɖo ame siwo nye apostolowo do ŋgɔ nam la ŋkume o, ke boŋ meyi Arabia. Emegbe la, metrɔ yi Damasko. 18Le ƒe etɔ̃ megbe la, meyi Yerusalem be madze si Kefa, eye menɔ egbɔ ŋkeke wuiatɔ̃.

19Nyemekpɔ apostoloawo dometɔ aɖeke o, negbe Yakobo, Aƒetɔ la nɔvi ko. 20Mele kakaɖedzi nam mi le Mawu ŋkume be nya si ŋlɔm mele na mi la menye aʋatso o. 21Le esia megbe la, meyi Siria kple Kilikia. 22Hame siwo le Yudea le Kristo me la medze sim o. 23Nu si wonya koe nye nya si amewo nɔ gbɔgblɔm be, “Ame si nɔ mía yome tim tsã la le gbeƒã ɖem xɔse si wòdze agbagba be yeatsrɔ̃ la fifia.” 24Eye wokafu Mawu ɖe tanye.