Xɔse alo se la?
1O, mi Galatiatɔ bometsilawo! Ame kae flu mi? Miawo ŋutɔwoe wogblɔ Yesu Kristo ƒe kaklã ɖe atitsoga ŋuti ƒe nya na. 2Medi be mabia nya aɖe mi: Ɖe miexɔ Gbɔgbɔ la to se la ƒe dɔwɔwɔwo me, alo to nya si miese la dzixɔse mea? 3Ɖe mietsi bome nenema gbegbea? Esi mietsɔ Gbɔgbɔ la dze egɔmee la, azɔ ɖe miedi be yewoatsɔ ŋutilã awu enua? 4Ɖe miekpe fu siawo dzodzroa, nenye dzodzroe hã? 5Eya ta megale biabiam be ɖe Mawu tsɔ eƒe Gbɔgbɔ la na mi, eye wòwɔ nukunuwo le mia dome to se la ƒe dɔwɔwɔwo me, alo to nya si miese la dzixɔse mea? 6Nenema ke Abraham hã xɔ Mawu dzi se, eye wobui dzɔdzɔenyenye nɛ.
7Eya ta mise egɔme be ame siwo si xɔse le la, woawoe nye Abraham ƒe viwo. 8Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la kpɔe do ŋgɔ be Mawu atso afia na ame siwo menye Yudatɔwo o la le xɔse me, eya ta wòɖe gbeƒã nyanyui la na Abraham do ŋgɔe be, “Woayra dukɔwo katã to dziwò.” 9Eya ta ame siwo katã si xɔse le la, woyra woawo hã abe Abraham, ame si xɔ Mawu dzi se la ene.
10Elabena ame siwo katã tsɔ woƒe mɔkpɔkpɔ da ɖe se la ƒe dɔwɔwɔwo dzi la, wole fiƒode te, elabena woŋlɔ ɖi be, “Woaƒo fi ade ame sia ame si menɔ agbe ɖe nu sia nu si woŋlɔ ɖe Segbalẽ la me la nu o.” 11Eme kɔ ƒãa be Mawu matso afia na ame aɖeke to se la dzi wɔwɔ me o, elabena woŋlɔ ɖi be, “Ame dzɔdzɔe la anɔ agbe to xɔse me.” 12Wometu se la ɖe xɔse dzi o, ke boŋ mawunya gblɔ be, “Ame si wɔ nu siawo la, anɔ agbe ɖe wo nu.” 13Kristo ɖe mí tso se la ƒe fiƒode me, esi wòzu fiƒode ɖe mía teƒe elabena mawunya gblɔ be, “Woƒo fi de ame sia ame si woklã ɖe ati ŋuti la.” 14Eɖe mí bena Abraham ƒe yayra nava ame siwo menye Yudatɔwo o la dzi to Kristo Yesu me, ale be to xɔse me la, míaxɔ Gbɔgbɔ la ƒe ŋugbedodo.
15Nɔviwo, mana kpɔɖeŋu aɖe mi tso gbe sia gbe-gbenɔnɔ me. Abe ale si ame aɖeke mate ŋu atu alo atsɔ naneke akpe ɖe nubabla si amegbetɔwo wɔ ŋu o ene la, nenema wòle le go sia me hã. 16Ŋugbedodo la nye Abraham kple eƒe dzidzimeviwo tɔ. Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la megblɔ be “na dzidzimeviwo o” si gɔmee nye ame geɖewo, ke boŋ “na wò dzidzimeviwo” si gɔmee nye ame ɖeka si nye Kristo. 17Nu si gblɔm mele la gɔmee nye: Se si wowɔ le ƒe 430 megbe la, mete ŋu tu nubabla si Mawu wɔ do ŋgɔ la o, nenema ke metu ŋugbedodo la hã o. 18Elabena ne domenyinyi la ku ɖe se la ŋu la, ekema megaku ɖe ŋugbedodo la ŋu o; ke Mawu to ŋugbedodo la me tsɔe ke Abraham.
19Nu ka ta koŋ wona se la ɖo? Wotsɔ se la kpe ɖe eŋu ɖe vodadawo ta va se ɖe esime dzidzime, si ŋuti ŋugbedodo la ku ɖo la nava. Wona se la to mawudɔlawo dzi, eye wotsɔe de asi na avuléla. 20Ke avuléla menye ame ɖeka o; gake Mawu la ya nye ɖeka.
21Ekema ɖe se la tsi tsitre ɖe Mawu ƒe ŋugbedodowo ŋutia? Gbeɖe! Elabena ne se si wona la ana agbe la, ekema dzɔdzɔenyenye ava to se la me. 22Gake Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la gblɔ be xexea me katã le nu vɔ̃ ƒe babla me, be ŋugbedodo si Mawu na to Yesu Kristo dzixɔse me la nasu ame siwo xɔe se la si.
Mawu ƒe viwo
23Hafi xɔse sia nava la, míenɔ babla me le se la te va se ɖe esime woɖe xɔse si le vava ge la ɖe go. 24Ale se la zu míaƒe mɔfiala va se ɖe esime Kristo va be woatso afia na mí to xɔse me. 25Azɔ esi xɔse sia va la, míegale se, si nye mɔfiala la te o.
26Elabena le Kristo Yesu me la, mi katã mienye Mawu ƒe viwo to xɔse me, 27elabena mi ame siwo wode mawutsi ta na ɖe Kristo me la, miedo Kristo abe awu ene. 28Azɔ la, Yudatɔ alo ame si menye Yudatɔ o la megali o; kluvi alo ablɔɖevi megali o; ŋutsu alo nyɔnu megali o; elabena mi katã miele ɖeka le Kristo Yesu me. 29Ne mienye Kristo tɔ la, ekema mienye Abraham ƒe dzidzimeviwo kple domenyilawo le ŋugbedodo la nu.