Kristo wɔ mí ablɔɖeviwoe
1Ablɔɖemenɔnɔ ta Kristo wɔ mí ablɔɖeviwoe ɖo. Eya ta minɔ tsitre sesĩe, eye migana kluvinyenye ƒe kɔkuti nagaku kɔ na mi azɔ o. 2Mide dzesi nye nyawo! Nye Paulo, mele egblɔm na mi be ne mieɖe mɔ wotso aʋa na mi la, ekema viɖe aɖeke manɔ Kristo ŋu na mi o. 3Megale egblɔm ake na ame sia ame si lɔ̃ wotso aʋa nɛ la be ele nɛ be wòawɔ ɖe se blibo la katã dzi. 4Mi ame siwo le didim be woatso afia na yewo to se la dzi wɔwɔ me la, woklã mi ɖa tso Kristo gbɔ; amenuveve la bu ɖe mi.
5Elabena to Gbɔgbɔ Kɔkɔe la me la, míele mɔ kpɔm vevie na dzɔdzɔenyenye la le xɔse me. 6Elabena le Kristo Yesu me la, aʋatsotso alo aʋamatsomatso mate ŋu awɔ naneke o. Ke nu si míehiã la koe nye xɔse si wɔa dɔ to lɔlɔ̃ me.
7Mienɔ du ƒum nyuie hafi. Ke ame kae va flu mi, eye wòxe mɔ na mi be miagaɖo to nyateƒe la o? 8Menye ame si yɔ mi lae ƒo nya sia ɖe mia nu o. 9“Amɔ ʋaʋã sue aɖe nana amɔ blibo la ʋãna.”
10Mele mɔ kpɔm le Aƒetɔ la me be miabu nu bubu aɖeke ŋuti o. Ame ka kee le fu ɖem na mi hele mia flum hã la, Mawu ŋutɔ ahe to nɛ.
11Nɔviwo, ne megale gbeƒã ɖem aʋatsotso ɖe, nu ka ta wogale yonyeme tim ɖo? Ekema woɖe atitsoga la ƒe nuɖiaɖia ɖa.
12Ɖeko medi vevie be nufiala siwo di be miana woatso aʋa na mi la, woaɖe wo ɖokuiwo ɖa le mia dome, eye woaɖe ɖa le mia ŋu kpoo.
Agbenɔnɔ le Gbɔgbɔ la me
13Elabena nɔvinyewo, woyɔ mi, eye wona ablɔɖe mi. Ke ablɔɖe la magana mianɔ agbe le ŋutilã nu o; ke boŋ be miave mia nɔewo nu le ɖokuibɔbɔ kple lɔlɔ̃ me. 14Elabena wowu se blibo la katã nu to se ɖeka sia dzi wɔwɔ me, si nye, “Lɔ̃ hawòvi abe ɖokuiwò ene.” 15Ke ne mieɖe ɖeklemi, eye miewɔ dzre kple mia nɔewo la, mikpɔ nyuie be miagagblẽ nu le mia nɔewo ŋu o.
16Eya ta mele egblɔm be minɔ agbe le Gbɔgbɔ la me, ale be miagawɔ ɖe ŋutilã ƒe nudzodzrowo dzi o.
17Elabena ŋutilã la ƒe nudzodzrowo tsi tsitre ɖe Gbɔgbɔ la ŋu, eye Gbɔgbɔ la ƒe nudzodzrowo tsi tsitre ɖe ŋutilã la ŋu. Wole avu wɔm kple wo nɔewo, ale be miate ŋu awɔ nu si miedi be miawɔ la o. 18Ke ne Gbɔgbɔ la le mia kplɔm la, miegale se la te o.
19Ke ŋutilã ƒe nudzodzrowo dze ƒãa. Woawoe nye: matrewɔwɔ, makɔmakɔnyenye, hadzedze, 20trɔ̃subɔsubɔ, adzewɔwɔ, fuléle, dzrewɔwɔ, ŋuʋaʋã, dɔmedzoedodo, ɖokuitɔdidi, nu masɔmasɔ, mamawo, 21ŋubiabiã, ahamumu, aglotutu vɔ̃wo kple esia tɔgbiwo. Mele nu xlɔ̃m mi, abe ale si mexlɔ̃ nu mi va yi ene la be ame siwo nɔa agbe alea la, manyi mawufiaɖuƒe la ƒe dome o.
22Ke Gbɔgbɔ la ƒe kutsetsee nye lɔlɔ̃, dzidzɔ, ŋutifafa, dzigbɔɖi, dɔmenyowɔwɔ, nyuiwɔwɔ, nuteƒewɔwɔ, 23tufafa kple ɖokuidziɖuɖu. Se la metsi tsitre ɖe nu siawo ŋuti o. 24Ame siwo nye Kristo Yesu tɔ la klã woƒe ŋutilã kple eƒe nudzodzro vɔ̃wo ɖe ati ŋuti. 25Esi míele agbe le Gbɔgbɔ la me la, mina míazɔ hã le eƒe kpɔkplɔ te. 26Mígana dada nayɔ mía me o, mígado dziku na mía nɔewo o, eye mía nɔewo ƒe nu megave dɔ me na mí o.