Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures 2020

Mose 2 39:1-43

Nunɔlawo ƒe awuwo

1Le esiawo megbe la, ameawo tsɔ avɔ siwo wolɔ̃ kple aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe ka, ka dzĩ kple ɖeti ɣi ƒe ka la tɔ awu nyuiwo na nunɔlawo be woado hena woƒe subɔsubɔdɔwo wɔwɔ le Kɔkɔeƒe la. Wotsɔ avɔ sia ke tɔ Aron ƒe awu kɔkɔewo abe ale si Yehowa ɖo na Mose ene.

Kɔmewu

2Wotsɔ avɔ sia ke si wolɔ̃ kple sika, aɖabɛka blɔtɔ, dzĩtɔ kple hẽtɔ kple ɖetika ɣitɔ tɔ kɔmewu la hã. 3Bezalel tu sika wòzu falɛe, eye wòfe eme wòzu sikaka suesuewo. Etsɔ wo na aɖaŋuvɔlɔ̃lawo be woalɔ̃ nu ɖe avɔ si wolɔ̃ kple aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe ka, ka dzĩ kple ɖeti ɣi ƒe ka la me. Enye aɖaŋu nyui aɖe si nya kpɔ ŋutɔ.

4Wode ka abɔta na kɔmewu la, eye woku wo ɖe kɔmewu la ƒe dzogoe eve ŋuti ale be woate ŋu asae. 5Alidziblanu si wolɔ̃ kple aɖaŋu la sɔ kplii, wotsɔ sika, ɖetika ɣi, blɔtɔ, dzĩtɔ kple hẽtɔ lɔ̃ wo kple kɔmewu la ɖekae abe ale si Yehowa gblɔ na Mose ene la tututu.

6Wotsɔ sika wɔ kae, eye wotsɔ sikaka la lé onikskpe eve siwo wotɔ ɖe abɔtaka si le kɔmewu la ŋu lae. Woŋlɔ Israelviwo ƒe ŋkɔwo ɖe kpeawo dzi, 7eye wotɔ wo ɖe Kɔmewu la ƒe abɔtawo hena ŋkuɖoɖo Israelviwo dzi, abe ale si Yehowa de se na Mose ene.

Akɔtaɖonu la

8Akɔtawu la hã nyo abe kɔmewu la ene. Wowɔ eya hã kple sika nyuitɔ, aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe kawo, ka dzĩ kple ɖeti ɣi ƒe kawo abe kɔmewu la ke ene.

9Edidi sentimita blaeve-vɔ-eve, eye wòkeke nenema ke. Woŋee ɖe akpa eve ale wòzu kotoku aɖe tɔgbi. 10Woɖo kpe xɔasiwo ɖe fli ene me ɖe edzi. Kanelian, krisolit kple beril nɔ fli gbãtɔ me. 11Tɔkuɔs lapis lazuli kple emerald nɔ fli evelia me. 12Yasint, agate kple ametist nɔ fli etɔ̃lia me. 13Topaz, oniks kple yaspa nɔ fli enelia me. Wotsɔ sika gbi kae fa ɖe wo ŋuti. 14Woŋlɔ Israelviwo ƒe to wuieveawo ƒe ŋkɔwo ɖe kpe xɔasiawo dzi.

15Wotsɔ ka si wotsɔ sika nyuitɔ gbie la ɖo akɔtawu la ŋu. 16Sikaka eve tsi ɖe sikanulénu eve ŋu le abɔtawu la ƒe dzogoe eveawo tame; 17wosa sikaka eveawo ɖe asigɛ eveawo ŋu 18eye wotɔ sikakɔsɔkɔsɔawo ƒe nu eveliawo ɖe onikskpe eveawo ŋu le akɔtawu la ƒe ŋgɔgbe. 19Wogatɔ sikasigɛ eve ɖe abɔtaka eveawo ŋu ɖe Akɔtawu la te, wote ɖe afi si wokpe alidziblanu la le la ŋu. 20Wogatɔ sikasigɛ eve ɖe Kɔmewu la ƒe abɔtaka la te, wote ɖe afi si wotsi kɔmewu la ɖe alidziblanu la ŋu la ŋu. 21Wotsi Akɔtawu la ɖe Kɔmewu la ŋu sesĩe esi wotsɔ ka blɔtɔ sa ɖe Akɔtawu la ƒe sikasigɛ kple Kɔmewu la ƒe sikasigɛ ŋu. Yehowae ɖo esiawo katã na Mose.

Nunɔlawu bubuawo

22Wotsɔ avɔ blɔtɔ tɔ Kɔmewu lae. 23Woɖe teƒe ɖe kɔmewu la titina, afi si ame ƒe ta nato. Woƒo to na teƒe sia ale be mavuvu o. 24Wotsɔ avɔ si me wotsɔ aɖabɛ blɔtɔ kple dzĩtɔ ƒe ka kple ka dzĩ kple ɖeti ɣi ƒe ka lɔ̃ nu ɖo la wɔ yevuboɖawo ɖe awu la to le ete godoo. 25Wotsi nyawowoe siwo wotu kple sika nyuitɔ la ɖe yevuboɖa eve ɖe sia ɖe dome le awu la to. 26Nyawowoe ɖeka nɔ yevuboɖa eve dome; aleae wòle awu ʋlaya la to kpe ɖo. Awu siae woado hena subɔsubɔ abe ale si Yehowa ɖo na Mose ene.

27Azɔ la, wotsɔ avɔ si wolɔ̃ kple ɖeti ɣi la tɔ awu ʋlayawo na Aron kple via ŋutsuwo. 28Wotsɔ avɔ sia ke tɔ akɔtawuwo, tablanuwo, kukuwo kple awutewuiwo kple alidziblakawoe. 29Ke wotsɔ aɖabɛka blɔtɔ kple dzĩtɔ kple ka dzĩ lɔ̃ nuwo ɖe alidziblanuawo me abe ale si Yehowa gblɔ na Mose ene. 30Le esiawo katã megbe la, wotsɔ sika nyuitɔ wɔ ganuvi kɔkɔe si anɔ tablanu la ƒe ŋgonu. Woŋlɔ ɖe ganu sia dzi be,

wokɔ eŋuti na Yehowa.

31Wotsɔ ka blɔtɔ lé ganu sia ɖe tablanu la ƒe ŋgonu abe ale si Yehowa gblɔ na Mose ene.

Mose lé ŋku ɖe agbadɔ la ŋu

32Wozɔ ɖe ɖoɖo siwo katã Yehowa na Mose la nu. Ale wowu agbadɔ la nu mlɔeba. 33Azɔ la, wokɔ agbadɔ blibo la ŋunuwo yi Mose gbɔ:

xɔmenuwo, ganuviawo, ʋuƒowo, gametiwo, sɔtiwo, afɔwo;

34agbogbalẽ siwo wode ama dzĩi hena agbadɔ la tame kple eƒe axawo kple xɔmenuwo;

35nubablaɖaka la, Se Ewoawo le eme; atiawo hena nubablaɖaka la kɔkɔ, amenuveteƒe la;

36kplɔ̃ la kple eŋunuwo katã; ŋkumeɖobolo la;

37sikakaɖiti la, akaɖigbɛawo, wo ŋunuwo kple ami;

38Sikavɔsamlekpui la, ami sisi la, Dzudzɔdonu ʋeʋĩ la, agbadɔnuvɔ la;

39Akɔblivɔsamlekpui la, akɔblidzrala la; atiawo kple wo ŋunuwo katã; tsileze la kple eƒe zɔ;

40Xɔxɔnu la ŋu ƒe avɔwo kple woƒe tsyotiwo, xɔxɔnu la ƒe agbonuvɔwo, kpɔtiawo;

woƒe zɔwo, woƒe kawo kple gatagbadzɛawo;

nu siwo katã ŋu dɔ wowɔ le agbadɔ la tutu me.

41Emegbe la, wotsɔ awu nyui siwo wotɔ be woado hena subɔsubɔdɔwo wɔwɔ, nunɔla Aron kple via ŋutsuwo ƒe awu kɔkɔewo hena subɔsubɔwo wɔwɔ le Kɔkɔeƒe la.

42Ale Israelviwo wɔ dɔ blibo la pɛpɛpɛ abe ale si Yehowa ɖo na Mose ene. 43Mose lé ŋku ɖe dɔ blibo la ŋu. Eyra ameawo, elabena wowɔ dɔ blibo la ɖe ale si Yehowa ɖo nɛ la nu pɛpɛpɛ.