Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures 2020

Mose 4 24:1-25

1Balaam dze sii azɔ be edze Yehowa ŋu be yeayra Israel, eya ta megayi ɖaka nu abe ale si wòwɔna tsã la ene o, ke boŋ edze ŋgɔ gbegbe la. 2Esi Balaam kpɔ eŋgɔ la, ekpɔ Israelviwo woƒu asaɖa anyi ɖe woƒe to vovovoawo me. Tete Mawu ƒe Gbɔgbɔ ɖiɖi ɖe edzi, 3eye wògblɔ nya ɖi be,

“Balaam, Beor ƒe viŋutsu gblɔ be:

ame si kpɔa nu nyuie la ƒe nyagblɔɖi,

4ame si sea Mawu ƒe nya la ƒe nyagblɔɖi,

ame si xɔa ɖeɖefia tso Ŋusẽkatãtɔ la gbɔ,

ame si tsyɔa mo anyi,

eye eƒe ŋku nɔa te la ƒe nyawo.

5“O! Yakob, wò agbadɔwo dzeani loo!

O! Israel, wò nɔƒewo nyo!

6“Wokeke abe balimewo ene.

Wole abe amabɔ siwo le tɔsisi to ene.

Wole abe aloe si Yehowa do ene.

Wole abe sedati le tɔwo to ene.

7Tsi asi tso woƒe tɔkpowo me.

Tsi anɔ woƒe kuwo me fũu.

“Woƒe fia axɔ ŋkɔ wu Agag.

Woado woƒe fiaɖuƒe ɖe dzi.

8“Mawu kplɔ wo do goe tso Egipte.

Woƒe ŋusẽ le abe to ƒe ŋusẽ ene.

Wovuvu dukɔ siwo tso ɖe wo ŋu,

eye woŋe woƒe ƒuwo wuliwuli

heŋɔ wo kple woƒe aŋutrɔwo.

9Wole adeklo dzi abe dzata ene,

eye abe dzatanɔ ene la, ame ka ate ŋu anyɔ wo?

“Woayra ame siwo yraa wò.

Eye woaƒo fi ade ame siwo ƒoa fi dea wò!”

10Fia Balak do dɔmedzoe vevie azɔ ɖe Balaam ŋu. Eƒo asikpe hedo ɣli be, “Meyɔ wò be nàƒo fi ade nye futɔwo, ke nèyra wo boŋ zi etɔ̃. 11Dzo le afi sia! Trɔ yi mia de! Medi be made bubu gã aɖe ŋuwò, ke Yehowa te wò ɖe megbe tso bubu gã sia gbɔ!”

12Balaam ɖo eŋu na Balak be, “Ɖe nyemegblɔe na wò ame dɔdɔwo 13be ne Balak tsɔ klosalo kple sika de fiasã aɖe me wòyɔ kpikpikpi nam hã la, nyemate ŋu agblẽ Yehowa ƒe nyawo ɖi agblɔ nye ŋutɔ nye nyawo oa? Megblɔ be nya si Yehowa agblɔ la ko magblɔ!

14“Ɛ̃, matrɔ azɔ ayi nye ŋutɔ nye amewo dome. Ke gbã la, na magblɔ nu si Israelviwo awɔ wò amewo la na wò!”

Balaam ƒe nyagblɔɖi enelia

15Ale wògblɔ nyagblɔɖi siawo nɛ:

“Balaam, Beor ƒe viŋutsue

nye ame si ƒe ŋkuwo woʋu!

16Esea Mawu ƒe nyawo,

nunya tso Dziƒoʋĩtɔ la gbɔ le esi.

Ekpɔa nu si Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ɖena fianɛ.

Etsyɔ mo anyi, eye eƒe ŋkuwo ʋu.

17“Mekpɔe le Israel ŋgɔ be,

le ŋgɔgbe ʋĩi la,

ɣletivi aɖe adzɔ tso Yakob me!

Dziɖula sia tso Israel.

Aɖu Moabtɔwo dzi;

atsrɔ̃ Set ƒe viwo.

18Israel axɔ Edom kple Seir siaa;

woaɖu woƒe futɔwo dzi.

Ke Israel akpɔ ŋusẽ

19dziɖula atso Yakob,

eye wòagbã du geɖewo.”

Balaam ƒe nyagblɔɖi atɔ̃lia

20Balaam kpɔ Amalektɔwo ƒe aƒewo dzi ɖa, eye wògblɔ nya ɖi be,

“Amalek nye gbãtɔ le dukɔwo dome tsã

Ke tsɔtsrɔ̃ koe le ŋgɔ nɛ fifia!”

Balaam ƒe nyagblɔɖi adelia

21Ekpɔ Kenitɔwo dzi ɖa hegblɔ be,

“Ɛ̃, èle teƒe sesẽ aɖe,

èwɔ wò atɔwo ɖe agakpewo me,

22ke woatsrɔ̃ mi, Kenitɔwo.

Asiria fia ƒe aʋakɔ sesẽ la

aɖe aboyo mi tso anyigba sia dzi!”

Balaam ƒe nyagblɔɖi adrelia

23Ewu eƒe nyagblɔɖi la nu be,

“Aléle! Ame ka ate ŋu anɔ agbe

ne Mawu wɔ nu sia?

24Tɔdziʋuwo atso Kipro ƒuta

woaɖu Eber kple Asiria dzi,

ke woaɖu woawo hã dzi.”

25Ale Balaam kple Balak klã mɔ, eye wo dometɔ ɖe sia ɖe trɔ yi wo de.