Israelviwo ƒe mɔzɔzɔ dzi yiyi
1Esiawoe nye Israelviwo ƒe toƒewo tso esime Mose kple Aron wokplɔ wo dzoe le Egiptenyigba dzi. 2Mose ŋlɔ nu tso woƒe toƒewo ŋu abe ale si Yehowa ɖo nɛ ene.
3Israelviwo dze mɔ le Rameses le ɣleti atɔ̃lia ƒe ŋkeke wuiatɔ̃lia gbe si nye Ŋutitotoŋkekenyui la ƒe ŋkeke evelia. Wozɔ dzideƒotɔe dzo le Egiptetɔwo ƒe nukpɔkpɔ nu, 4le esime Egiptetɔwo nɔ woƒe ŋgɔgbeviwo katã, ame siwo Yehowa ƒo ƒu anyi le wo dome la ɖim, elabena Yehowa he ʋɔnudɔdrɔ̃ va woƒe mawuwo dzi.
5Israelviwo dzo le Rameses, eye woƒu asaɖa anyi ɖe Sukɔt.
6Wodzo le Sukɔt, eye woƒu asaɖa anyi ɖe Etam, le gbegbe la to.
7Esi wodzo le Etam la, wogbugbɔ yi Pi Hahirɔt, le Baal Zefon ƒe ɣedzeƒe, eye woƒu asaɖa anyi ɖe Migdol gbɔ.
8Tso afi sia la, woto Ƒu Dzĩ la titina. Le ŋkeke etɔ̃ megbe la, woɖo Etam gbedzi, eye woƒu asaɖa anyi ɖe Mara.
9Tso Mara la, wova Elim, afi si vudo wuieve kple deti blaadre le. Wonɔ afi sia eteƒe didi vie.
10Esi wodzo le Elim la, woƒu asaɖa anyi ɖe Ƒu Dzĩ la to, 11eye woho yi Sin gbedzi.
12Emegbe la, woyi Dofka.
13Esi wodzo le Dofka la, woyi Alus, 14hetso eme yi Refidim, afi si tsi menɔ na ameawo woano o.
15Tso Refidim la, woyi Sinai gbedzi, 16eye tso afi ma la, woyi Kibrot Hatava.
17Tso Kibrot Hatava la, woyi Hazerot.
18Tso Hazerot la, woyi Ritmax.
19Tso Ritmax la, woyi Rimonparez.
20Tso Rimonparez la, woyi Libna.
21Tso Libna la, woyi Risa.
22Tso Risa la, woyi Kehelata.
23Tso Kehelata la, woyi Sefer to la gbɔ.
24Tso Sefer to la gbɔ la, woyi Harada.
25Tso Harada la, woyi Makhelot.
26Tso Makhelot la, woyi Tahat.
27Tso Tahat la, woyi Tera.
28Tso Tera la, woyi Mitka.
29Tso Mitka la, woyi Hasmona.
30Tso Hasmona la, woyi Moserɔt.
31Tso Moserɔt la, woyi Bene Yakan.
32Tso Bene Yakan la, woyi Hor Hagidgad.
33Tso Hor Hagidgad la, woyi Yotbata.
34Tso Yotbata la, woyi Abrona.
35Tso Abrona la, woyi Ezion Geber.
36Tso Ezion Geber la, woyi Kades le Zin gbedzi.
37Tso Kades la, woyi Hor to la gbɔ le Edomnyigba la to. 38Le Yehowa ƒe gbeɖeɖe nu la, Nunɔla Aron yi Hor to la dzi, afi si wòku ɖo le ɣleti atɔ̃lia ƒe ŋkeke gbãtɔa gbe le ƒe blaenelia, esi Israelviwo ʋu tso Egipte la me. 39Aron xɔ ƒe alafa ɖeka, blaeve-vɔ-etɔ̃ esi wòku ɖe Hor to la dzi.
40Ɣe ma ɣie Kanaantɔwo ƒe fia, Arad fia, ame si nɔ Negeb, le Kanaanyigba dzi la se be Israelviwo gbɔna yeƒe anyigba dzi.
41Wowɔ aʋa kplii, eye wotso Hor to la gbɔ heƒu asaɖa anyi ɖe Zalmona.
42Tso Zalmona la, woyi Punon. 43Woho tso Punon heva ƒu asaɖa anyi ɖe Obot, 44eye woho tso Obot heva ƒu asaɖa anyi ɖe Iye Abarim le Moabtɔwo ƒe liƒo dzi.
45Tso afi sia la, woƒo asaɖa ɖe Dibon Gad 46woyi Dibon Gad heyi Almɔn Diblataim, 47Abarim towo gbɔ le Nebo to la gbɔ.
48Wotso le Abarim towo gbɔ, eye mlɔeba la, wova ɖo Moab gbegbe la le Yɔdan tɔsisi la to le Yeriko kasa. 49Woƒu asaɖa anyi ɖe teƒe vovovowo le Yɔdan tɔsisi la to tso Bet Yesimot va se ɖe Abel Sitim le Moab tagba.
50Le Moab tagba, le Yɔdan nu le Yeriko kasa la, Yehowa gblɔ na Mose be, 51“Gblɔ na Israelviwo be, ‘Ne mietso Yɔdan, eye miege ɖe Kanaanyigba dzi la, 52ele be mianya ame siwo katã le anyigba ma dzi, eye miagbã woƒe legbawo; esiawoe nye woƒe kpe kpakpawo, legba siwo wololo ga tsɔ wɔe kple woƒe mawusubɔƒe siwo wotu ɖe toawo dzi, afi si wosubɔa woƒe legbawo le. 53Metsɔ anyigba la na mi. Mixɔe eye mianɔ edzi. 54Mima anyigba la ɖe miaƒe towo dome ɖe toawo ƒe lolome nu. Midzidze nu ɖe afi si anyigba la lolo le la dzi, amae ɖe to siwo me amewo sɔ gbɔ le la dome, eye miatsɔ teƒe siwo melolo o la ana to suewo.
55“ ‘Ke ne mienya ame siwo le afi ma o la, wo dometɔ siwo asusɔ ɖe afi ma la, azu dzowɔ aɖo ŋkume na mi kple ŋu anɔ miaƒe axadame. 56Ekema matsrɔ̃ mi abe ale si meɖo be matsrɔ̃ woe la ene.’ ”