Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures 2020

Mose 4 36:1-13

Zelofehad ƒe vinyɔnuwo ƒe domenyinyi

1Gilead, Makir ƒe viŋutsu, ame si nye Manase ƒe viŋutsu, tso Yosef ƒe ƒome la me ƒe amegãwo tso hlɔ̃ la me va ƒo nu le Mose kple kplɔlawo, Israelviwo ƒe ƒometatɔwo ŋkume. 2Wogblɔ be, “Esime Yehowa ɖe gbe na nye aƒetɔ be wòadzidze nu, ama anyigba la na Israelviwo abe woƒe domenyinu ene la, egblɔ na wò be, nàtsɔ mía nɔvi Zelofehad ƒe domenyinu ana via nyɔnuwo. 3Ke ne woɖe srɔ̃ tso to bubu aɖe me la, woatsɔ woƒe anyigba la ayi wo srɔ̃ŋutsuwo ƒe towo me. Le mɔ sia nu la, anyigba si woama na mí la dzi aɖe, 4eye womatrɔe na mí le Aseyetsoƒe la me o.”

5Tete Mose ɖe gbeƒã Yehowa ƒe ɖoɖo siawo le Israelviwo ƒe ŋkume be, “Yosef ƒe viwo ƒe nya la le eteƒe. 6Nu si Yehowa gagblɔ tso Zelofehad ƒe vinyɔnuwo ŋue nye, ‘Mina woaɖe ŋutsu ɖe sia ɖe si dze wo ŋu, ne ŋutsu la nya tso woawo ŋutɔ ƒe to la me ko. 7Le mɔ sia nu la, to la ƒe Israelnyigba ƒe akpa aɖeke mage ɖe to bubu me tɔwo ƒe asi me o, elabena ele be to sia to ƒe domenyinu nanɔ anyi tegbetegbe, abe ale si wònɔ esi womae gbã na wo la ene. 8Israelviwo ƒe toawo ƒe nyɔnuwo naɖe srɔ̃ le woawo ŋutɔ ƒe towo me, ale be woƒe anyigba madzo le to la me o. 9Ale domenyinu aɖeke madzo le to aɖeke me ayi to bubu me o.’ ”

10Zelofehad ƒe vinyɔnuwo wɔ ɖe nu si Yehowa ɖo na Mose la dzi. 11Zelofehad ƒe vinyɔnu siawo, Mahla, Tirza, Hogla, Milka kple Noa ɖe wo fofo nɔviŋutsuwo ƒe viŋutsuwo. 12Woɖe srɔ̃ le Manase, Yosef ƒe viŋutsu ƒe dzidzimeviwo dome, ale woƒe domenyinu la tsi wo fofo ƒe ƒome kple hlɔ̃ la me.

13Esiawoe nye se siwo Yehowa de na Israelviwo to Mose dzi, le esime woƒu asaɖa anyi ɖe Moab gbedzi le Yɔdan tɔsisi la to le Yeriko kasa.