Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures 2020

Mose 4 7:1-89

Vɔsawo hena agbadɔ la ŋuti kɔkɔ

1Esi Mose wu agbadɔ la tutu nu la, esi ami nɛ, eye wòkɔ eya kple eŋunuwo katã ŋuti. Esi ami na vɔsamlekpui la hã, kɔ eŋuti kple eŋunuwo katã ŋuti. 2Israel ƒe kplɔlawo, ƒometatɔ, ame siwo nye kplɔlawo kple dzikpɔlawo na ame siwo woxlẽ la wɔ nunanawo. 3Wotsɔ woƒe nunanawo vɛ na Yehowa le tasiaɖam ade siwo dzi wotsyɔ nui la me. Nyitsu eve he tasiaɖam ɖe sia ɖe. Wotsɔ tasiaɖam ɖeka na kplɔla eve, nyitsu ɖeka na kplɔla ɖe sia ɖe, eye wotsɔ wo na Yehowa le Agbadɔ la ŋgɔ.

4Eye Yehowa gblɔ na Mose be, 5“Xɔ woƒe nu siawo be woatsɔ wo awɔ agbadɔ la ŋuti dɔwoe. Tsɔ wo na Levi ƒe viwo abe ale si ame sia ame ƒe dɔ hiã lae ene.”

6Ale Mose tsɔ tasiaɖamwo kple nyitsuawo na Levi ƒe viwo. 7Etsɔ tasiaɖam eve kple nyitsu ene na Gerson ƒe viwo, 8eye wòtsɔ tasiaɖam ene kple nyitsu enyi na Merari ƒe viwo, ame siwo nɔ Itamar, nunɔla Aron ƒe viŋutsu ƒe kpɔkplɔ te. 9Wometsɔ tasiaɖamuawo kple nyitsuawo dometɔ aɖeke na Kohat ƒe viwo o, elabena woƒe dɔdeasie nye be woakɔ agbadɔ la ƒe akpa siwo woakɔ la ɖe abɔta.

10Kplɔlawo hã na nunanawo ɖe nuŋukɔkɔ la ta le gbe si gbe wosi ami na vɔsamlekpui la. Woda nunanawo ɖe vɔsamlekpui la ŋgɔ. 11Yehowa gblɔ na Mose be, “Mina ameawo natsɔ woƒe nunanawo vɛ le ŋkeke vovovowo dzi hena vɔsamlekpui la ŋu kɔkɔ.”

12Ale Nahson, Aminadab ƒe viŋutsu, tso Yuda ƒe to la me tsɔ eƒe nunanawo vɛ le ŋkeke gbãtɔ dzi.

13Eƒe nunana siwo wòtsɔ vɛ la woe nye:

klosalogba ɖeka si ƒe kpekpeme nye kilogram ɖeka kple afã kple klosalogba ɖeka si ƒe kpekpeme nye kilogram ɖeka. Wotsɔ nuɖuvɔsanu, si nye wɔ memee si wobaka kple ami la de agba la kple ze la me.

14Egatsɔ sikanutɔgba sue ɖeka si ƒe kpekpeme le gram alafa ɖeka kple ewo, si dzudzɔdonu yɔ banaa la vɛ.

15Etsɔ nyitsuvi ɖeka, agbo ɖeka kple agbovi, si xɔ ƒe ɖeka la vɛ hena numevɔsa,

16eye wògatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka vɛ na nu vɔ̃ ŋuti vɔsa.

17Kpe ɖe nu siawo ŋuti la, egatsɔ nyitsu eve, agbo atɔ̃, gbɔ̃tsu atɔ̃ kple agbovi atɔ̃ siwo xɔ ƒe ɖeka ɖeka la vɛ na ŋutifafavɔsa.

Esiae nye Aminadab ƒe vi, Nahson ƒe vɔsa.

18Esi ŋu ke la, Netanel, Zuar ƒe viŋutsu, Isaka ƒe to la ƒe kplɔla tsɔ eƒe nunanawo vɛ.

19Nu siwo wòna la woe nye klosalogba ɖeka, si ƒe kpekpeme nye gram blaeve kple afã kple klosalogba ɖeka si ƒe kpekpeme nye gram alafa enyi. Wotsɔ nuɖuvɔsanu si nye wɔ memee si wobaka kple ami la de agba la kple ze la me.

20Egatsɔ sikanutɔgba sue ɖeka si ƒe kpekpeme le gram alafa ɖeka kple ewo si yɔ banaa kple dzudzɔdonu,

21kple nyitsuvi ɖeka, agbo ɖeka kple agbovi ɖeka, si xɔ ƒe ɖeka la vɛ hena numevɔsa,

22eye wògatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka vɛ na nu vɔ̃ ŋuti vɔsa.

23Kpe ɖe nu siawo ŋuti la, egatsɔ nyitsu eve, agbo atɔ̃, gbɔ̃tsu atɔ̃ kple agbovi atɔ̃, siwo xɔ ƒe ɖeka la vɛ na ŋutifafavɔsa.

Esiawoe nye Netanel, Zuar ƒe viŋutsu ƒe nunanawo.

24Le ŋkeke etɔ̃a gbe la, Eliab, Helon ƒe viŋutsu, Zebulon ƒe to la kplɔla tsɔ eƒe nunanawo vɛ.

25Nu siwo wòna la woe nye

klosalogba ɖeka si ƒe kpekpeme nye kilogram ɖeka kple afã kple klosalogba ɖeka, si ƒe kpekpeme nye gram alafa enyi. Wotsɔ nuɖuɖuvɔsanu, si nye wɔ memee si wobaka kple ami la de agba la kple ze la me;

26sikanutɔgba sue ɖeka, si ƒe kpekpeme le gram alafa ɖeka kple ewo, si dzudzɔdonu yɔ banaa la vɛ.

27Etsɔ nyitsuvi ɖeka, agbo ɖeka kple agbovi ɖeka, si xɔ ƒe ɖeka hena numevɔsa,

28eye wògatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka na nu vɔ̃ ŋuti vɔsa.

29Kpe ɖe nu siawo ŋuti la, egatsɔ nyitsu eve, agbo atɔ̃, gbɔ̃tsu atɔ̃ kple agbovi atɔ̃ siwo xɔ ƒe ɖekaɖeka la vɛ na ŋutifafavɔsa.

Esiawoe nye Eliab, Helon ƒe viŋutsu ƒe nunanawo.

30Le ŋkeke enea gbe la, Elizur, Sedeur ƒe viŋutsu, Ruben ƒe to la ƒe kplɔla tsɔ eƒe nunanawo vɛ.

31Nu siwo wòna la woe nye

klosalogba ɖeka si ƒe kpekpeme nye kilogram alafa ɖeka blaasiekɛ-vɔ-ɖekɛ kple afã kple klosalogba ɖeka si ƒe kpekpeme nye gram alafa enyi. Wotsɔ nuɖuvɔsanu si nye wɔ memee si wobaka kple ami la de agba la kple ze la me;

32sikanutɔgba sue ɖeka si ƒe kpekpeme le gram alafa ɖeka kple ewo, si yɔ banaa kple dzudzɔdonu;

33etsɔ nyitsuvi ɖeka, agbo ɖeka kple agbovi ɖeka, si xɔ ƒe ɖeka la vɛ hena numevɔsa;

34eye wògatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka vɛ na nu vɔ̃ ŋuti vɔsa.

35Hekpe ɖe nu siawo ŋu la, egatsɔ nyitsu eve, agbo atɔ̃, gbɔ̃tsu atɔ̃ kple agbovi atɔ̃, siwo xɔ ƒe ɖeka ɖeka la vɛ na ŋutifafavɔsa.

Esiawoe nye Elizur, Sedeur ƒe viŋutsu, ƒe nunanawo.

36Le ŋkeke atɔ̃a gbe la, Selumiel, Zurisadai ƒe viŋutsu, Simeon ƒe to la ƒe kplɔla, tsɔ eƒe nunanawo vɛ.

37Nu siwo wòna la woe nye

klosalogba ɖeka si ƒe kpekpeme nye kilogram ɖeka kple afã kple klosalogba ɖeka si ƒe kpekpeme nye gram alafa enyi. Wotsɔ nuɖuvɔsanu si nye wɔ memee si wobaka kple ami la de agba la kple ze la me.

38Egatsɔ sikanutɔgba sue ɖeka si ƒe kpekpeme le gram alafa ɖeka kple ewo, si yɔ banaa kple dzudzɔdonu;

39etsɔ nyitsuvi ɖeka, agbo ɖeka kple agbovi si xɔ ƒe ɖeka la vɛ hena numevɔsa;

40eye wògatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka vɛ na nu vɔ̃ ŋuti vɔsa.

41Hekpe ɖe nu siawo ŋuti la, egatsɔ nyitsu eve, agbo atɔ̃, gbɔ̃tsu atɔ̃ kple agbovi atɔ̃ siwo xɔ ƒe ɖeka ɖeka la vɛ na ŋutifafavɔsa.

Esiawoe nye Selumiel, Zurisadai ƒe viŋutsu ƒe nunanawo.

42Le ŋkeke adea gbe la, Eliasaf, Deguel ƒe viŋutsu, Gad ƒe to la ƒe kplɔla, tsɔ eƒe nunanawo vɛ.

43Nu siwo wòna la woe nye

klosalogba ɖeka si ƒe kpekpeme nye kilogram ɖeka kple afã kple klosalogba ɖeka si ƒe kpekpeme nye gram alafa enyi. Wotsɔ nuɖuvɔsanu si nye wɔ memee si wobaka kple ami la de agba la kple ze la me;

44sikanutɔgba sue ɖeka, si ƒe kpekpeme le gram alafa ɖeka kple ewo, si yɔ banaa kple dzudzɔdonu;

45etsɔ nyitsuvi ɖeka, agbo ɖeka kple agbovi ɖeka, si xɔ ƒe ɖeka la vɛ hena numevɔsa;

46eye wògatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka na nu vɔ̃ ŋuti vɔsa.

47Kpe ɖe nu siawo ŋuti la, egatsɔ nyitsu eve, agbo atɔ̃, gbɔ̃tsu atɔ̃ kple agbovi atɔ̃, siwo xɔ ƒe ɖekaɖeka la vɛ na ŋutifafavɔsa.

Esiawoe nye Eliasaf, Deguel ƒe viŋutsu ƒe nunanawo.

48Le ŋkeke adrea gbe la, Elisama, Amihud ƒe viŋutsu, Efraim ƒe to la kplɔla, tsɔ eƒe nunanawo vɛ.

49Nu siwo wòna la woe nye

klosalogba ɖeka, si ƒe kpekpeme nye kilogram ɖeka kple afã kple klosalogba ɖeka, si ƒe kpekpeme nye gram alafa enyi. Wotsɔ nuɖuvɔsanu, si nye wɔ memee si wobaka kple ami la de agba la kple ze la me.

50Egatsɔ sikanutɔgba sue ɖeka, si ƒe kpekpeme nye gram alafa ɖeka kple ewo, si dzudzɔdonu yɔ banaa la vɛ.

51Etsɔ nyitsuvi ɖeka, agbo ɖeka kple agbovi ɖeka, si xɔ ƒe ɖeka la vɛ hena numevɔsa,

52eye wògatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka vɛ na nu vɔ̃ ŋuti vɔsa.

53Kpe ɖe nu siawo ŋuti la, egatsɔ nyitsu eve, agbo atɔ̃, gbɔ̃tsu atɔ̃ kple agbovi atɔ̃ siwo xɔ ƒe ɖeka ɖeka la vɛ na ŋutifafavɔsa.

Esiawoe nye Elisama, Amihud ƒe viŋutsu ƒe nunanawo.

54Le ŋkeke enyia gbe la, Gamaliel, Pedahzur ƒe viŋutsu, Manase ƒe to la kplɔla, tsɔ eƒe nunanawo vɛ.

55Nu siwo wòna la woe nye

klosalogba ɖeka si ƒe kpekpeme nye kilogram ɖeka kple afã kple klosalogba ɖeka si ƒe kpekpeme nye gram alafa enyi. Wotsɔ nuɖuvɔsanu si nye wɔ memee si wobaka kple ami la de agba la kple ze la me;

56sikanutɔgba sue ɖeka si ƒe kpekpeme le gram alafa ɖeka kple ewo, si dzudzɔdonu yɔ banaa la vɛ.

57Etsɔ nyitsuvi ɖeka, agbo ɖeka kple agbovi ɖeka, si xɔ ƒe ɖeka la, vɛ hena numevɔsa,

58eye wògatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka vɛ na nu vɔ̃ ŋuti vɔsa.

59Kpe ɖe nu siawo ŋu la, egatsɔ nyitsu eve, agbo atɔ̃, gbɔ̃tsu atɔ̃ kple agbovi atɔ̃ siwo xɔ ƒe ɖekaɖeka la vɛ na ŋutifafavɔsa.

Esiawoe nye Gamaliel, Pedahzur ƒe viŋutsu ƒe nunanawo.

60Le ŋkeke asiekɛa gbe la, Abidan, Gideoni ƒe viŋutsu, Benyamin ƒe to la kplɔla, tsɔ eƒe nunanawo vɛ.

61Nu siwo wòna la woe nye

klosalogba ɖeka si ƒe kpekpeme nye kilogram ɖeka kple afã kple klosalogba ɖeka si ƒe kpekpeme nye gram alafa enyi. Wotsɔ nuɖuvɔsanu si nye wɔ memee si wobaka kple ami la de agba la kple ze la me;

62sikanutɔgba sue ɖeka, si ƒe kpekpeme nye gram alafa ɖeka kple ewo, si yɔ banaa kple dzudzɔdonu;

63etsɔ nyitsuvi ɖeka, agbo ɖeka kple agbovi ɖeka, si xɔ ƒe ɖeka la, vɛ hena numevɔsa,

64eye wògatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka vɛ na nu vɔ̃ ŋuti vɔsa.

65Kpe ɖe nu siawo ŋu la, egatsɔ nyitsu eve, agbo atɔ̃, gbɔ̃tsu atɔ̃ kple agbovi atɔ̃, siwo xɔ ƒe ɖeka ɖeka la vɛ na ŋutifafavɔsa.

Esiawoe nye Abidan, Gideoni ƒe viŋutsu ƒe nunanawo.

66Le ŋkeke ewoa gbe la, Ahiezer, Amisadai ƒe viŋutsu, Dan ƒe to la ƒe kplɔla tsɔ eƒe nunanawo vɛ.

67Nu siwo wòna la woe nye

klosalogba ɖeka si ƒe kpekpeme nye kilogram ɖeka kple afã kple klosalogba ɖeka, si ƒe kpekpeme nye gram blaenyi. Wotsɔ nuɖuvɔsanu, si nye wɔ memee si wobaka kple ami la de agba la kple ze la me;

68sikanutɔgba sue ɖeka, si ƒe kpekpeme le gram alafa ɖeka kple ewo, si dzudzɔdonu yɔ banaa la vɛ.

69Etsɔ nyitsuvi ɖeka, agbo ɖeka kple agbovi ɖeka, si xɔ ƒe ɖeka la vɛ hena numevɔsa,

70eye wògatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka vɛ na nu vɔ̃ ŋuti vɔsa.

71Hekpe ɖe nu siawo ŋuti la, egatsɔ nyitsu eve, agbo atɔ̃, gbɔ̃tsu atɔ̃ kple agbovi atɔ̃ siwo xɔ ƒe ɖeka ɖeka la vɛ na ŋutifafavɔsa.

Esiawoe nye Ahiezer, Amisadai ƒe viŋutsu ƒe nunanawo.

72Le ŋkeke wuiɖekɛa gbe la, Pagiel, Okran ƒe viŋutsu, Aser ƒe to la ƒe kplɔla tsɔ eƒe nunanawo vɛ.

73Nu siwo wòna la woe nye

klosalogba ɖeka si ƒe kpekpeme nye kilogram ɖeka kple afã kple klosalogba ɖeka, si ƒe kpekpeme nye gram blaenyi. Wotsɔ nuɖuvɔsanu, si nye wɔ memee si wobaka kple ami la de agba la kple ze la me;

74sikanutɔgba sue ɖeka, si ƒe kpekpeme nye gram alafa ɖeka kple ewo, si yɔ banaa kple dzudzɔdonu;

75etsɔ nyitsuvi ɖeka, agbo ɖeka kple agbovi ɖeka, si xɔ ƒe ɖeka la vɛ hena numevɔsa,

76eye wògatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka na nu vɔ̃ ŋuti vɔsa.

77Kpe ɖe nu siawo ŋuti la, egatsɔ nyitsu eve, agbo atɔ̃, gbɔ̃tsu atɔ̃ kple agbovi atɔ̃ siwo xɔ ƒe ɖekaɖeka la vɛ na ŋutifafavɔsa.

Esiawoe nye Pagiel, Okran ƒe viŋutsu ƒe nunanawo.

78Le ŋkeke wuievea gbe la, Ahira, Enan ƒe viŋutsu, Naftali ƒe to la ƒe kplɔla, tsɔ nunanawo vɛ.

79Nu siwo wòna la woe nye

klosalogba ɖeka si ƒe kpekpeme nye kilogram ɖeka kple afã kple klosalogba si ƒe kpekpeme nye gram alafa enyi. Wotsɔ nuɖuvɔsanu, si nye wɔ memee si wobaka kple ami la de agba kple ze la me;

80sikanutɔgba sue ɖeka si ƒe kpekpeme nye gram alafa ɖeka kple ewo, si dzudzɔdonu yɔ banaa la vɛ.

81Etsɔ nyitsuvi ɖeka, agbo ɖeka kple agbovi ɖeka si xɔ ƒe ɖeka la vɛ hena numevɔsa,

82eye wògatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka vɛ na nu vɔ̃ ŋuti vɔsa.

83Hekpe ɖe nu siawo ŋuti la, egatsɔ nyitsu eve, agbo atɔ̃, gbɔ̃tsu atɔ̃ kple agbovi atɔ̃, siwo xɔ ƒe ɖeka ɖeka la vɛ na ŋutifafavɔsa.

Esiawoe nye Ahira, Enan ƒe viŋutsu ƒe nunanawo.

84Nu siwo Israel ƒe towo ƒe kplɔlawo na be woatsɔ akɔ vɔsamlekpui la ŋu, esi wosi ami nɛ lae nye:

klosalogba wuieve, klosalogba wuieve kple sikanutɔgba wuieve. 85Klosalogbawo dometɔ ɖe sia ɖe ƒe kpekpemee nye kilogram ɖeka kple afã, eye klosalogbaawo dometɔ ɖe sia ɖe ƒe kpekpemee nye kilogram ɖeka kple afã; wo katã ƒe kpekpemee nye kilogram blaeve-vɔ-adre kple afã; 86sikanutɔgba wuieve siwo dzudzɔdonu yɔ banaa, nutɔgba ɖeka ƒe kpekpemee nye gram blaeve-vɔ-enyi, wo katã ƒe kpekpemee nye kilogram ɖeka kple afã.

87Lã siwo katã wotsɔ vɛ hena numevɔsa la le nyi wuieve, agbo wuieve, agbovi wuieve siwo xɔ ƒe ɖekaɖeka, hekpe ɖe wo ŋu nuɖuvɔsanuwo ŋu; gbɔ̃tsu wuieve siwo woatsɔ awɔ nu vɔ̃ ŋuti vɔsae.

88Lã siwo katã woatsɔ asa akpedavɔe la le nyitsu blaeve-vɔ-ene, agbo blaade, gbɔ̃tsu blaade kple agbovi blaade, siwo xɔ ƒe ɖekaɖeka.

Ale si wokɔ vɔsamlekpui la ŋu, le esime wosi ami nɛ lae nye esi.

89Esi Mose yi agbadɔ la me be yeaƒo nu kple Mawu la, ese Gbe la wònɔ nu ƒom nɛ tso teƒe si le nubablaɖaka la ƒe amenuvevezikpui la tame le Kerubi eveawo tame.