Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures 2020

Mose 5 29:1-29

Nubabla la wɔwɔ yeyee

1Mose gbugbɔ nubabla si Yehowa wɔ kple Israelviwo le Horeb to la dzi la gblɔ le Moab gbedzi.

2Mose yɔ Israelviwo katã ƒo ƒu, eye wògblɔ na wo be:

Miawo ŋutɔ miekpɔ nu siwo katã Yehowa wɔ Farao, eŋumewo kple anyigba blibo la le Egipte. 3Miawo ŋutɔ miaƒe ŋkuwo kpɔ dɔvɔ̃wo, dzesi wɔnukuwo kple nukunu bubuawo, 4gake va se ɖe egbe la, Yehowa mena dzi nyanu mi be miase nu gɔme o, mena ŋku mi be miakpɔ nu o, eye mena to mi be miase nu o! 5Ekplɔ mi to gbedzi ƒe blaene sɔŋ, gake miaƒe awuwo medo xoxo o, eye miaƒe tokotawo te menyi o! 6Nu si ta Yehowa mena mietɔ ɖe teƒe ɖeka be miaƒã bli na abolowɔwɔ alo miado waintiwo hena wain kple aha sesẽ o lae nye be miadze sii be Yehowa, miaƒe Mawu lae le mia dzi kpɔm.

7Esi míeva ɖo afi sia la, Fia Sixɔn tso Hesbon kple Fia Ɔg tso Basan kpe aʋa kpli mí, ke míeɖu wo dzi; 8míexɔ woƒe anyigba, eye míetsɔe na Ruben ƒe viwo kple Gad ƒe viwo kple Manase ƒe viwo ƒe afã abe woƒe domenyinu ene, 9eya ta milé nubabla sia me nyawo me ɖe asi, eye miawɔ wo dzi be, nu sia nu si miawɔ la nadze edzi na mi. 10Mi katã, miele tsitre ɖe Yehowa miaƒe Mawu ƒe ŋkume egbe. Miaƒe kplɔlawo, ʋɔnudrɔ̃lawo, ametsitsiawo kple Israel ƒe ŋutsuwo katã, 11vidzĩwo, mia srɔ̃wo, miaƒe amedzrowo, nakefɔlawo kple tsikulawo katã mietsi tsitre ɖe Yehowa, miaƒe Mawu la ŋkume egbea. 12Miele tsitre ɖe afi sia be miawɔ nubabla kple Yehowa, miaƒe Mawu la, eye miage ɖe nubabla si wòle wɔwɔm kpli mi egbe la me. 13Edi be yeali ke mi egbe abe yeƒe dukɔ ene, eye yeaka ɖe edzi na mi be yee nye miaƒe Mawu, abe ale si wòdo ŋugbee na mia tɔgbuiwo, Abraham, Isak kple Yakob ene. 14Mele nubabla sia wɔm kpli mi, ame siwo le tsitre ɖe afi sia egbe la ɖeɖe ko o, 15ke boŋ ele ewɔm kple Israel ƒe dzidzimevi siwo ava dzɔ hã.

16Eme kɔ ƒãa be, mieɖo ŋku ale si mienɔ Egiptenyigba dzi, ale si miedzoe kple ale si mieto futɔwo ƒe anyigba dzi la dzi. 17Miekpɔ woƒe mawu ɖigbɔ̃ siwo wowɔ kple ati, kpe, klosalo kple sika. 18Gbe si gbe mia dometɔ aɖe, ŋutsu alo nyɔnu, ƒome aɖe alo Israel ƒe to aɖe atrɔ tso Yehowa, miaƒe Mawu la gbɔ be yeasubɔ dukɔ bubuawo ƒe mawu siawo la, gbe ma gbe la, ame ma anɔ abe ati aɖe si ƒe ke ave ɖihaɖiha, eye wòanɔ abe aɖi ene.

19Ne ame sia tɔgbi se atamkaka sia, evɔ wòhegblɔ yayranyawo kɔ ɖe eɖokui dzi, eye wòbu le eƒe susu me be, “Manɔ dedie togbɔ be melé nye mɔ tsɔ hã” la, esia ahe gbegblẽ ava anyigba si wode tsii kple esi le ƒuƒui la siaa dzi. 20Yehowa makpɔ nublanui na ame o! Eƒe dɔmedzoe kple ŋuʋaʋã abi dzo ɖe ame ma ŋu, eye fiƒode siwo katã woŋlɔ ɖe agbalẽ sia me la adze ame ma dzi, aɖi eŋu, eye Yehowa atutu eƒe ŋkɔ ɖa le dziƒoa te. 21Yehowa aɖe ame ma ɖe vovo tso Israelviwo ƒe towo katã gbɔ, eye wòakɔ Segbalẽ sia me fiƒode ɖe ame siwo katã mazɔ ɖe nubabla sia nu o la dzi.

22Ekema mia viwo kple miaƒe dzidzimevi siwo ava dzɔ kple amedzro siwo atso didiƒewo la akpɔ ale si Yehowa ana anyigba la maganyo nukuwo o kple dɔléle siwo wòaɖo ɖe anyigba la dzi. 23Woakpɔe be anyigba blibo la trɔ zu aŋɔ kple dze kple anyigba fiafia si dzi nuku mele o, eye ati aɖeke memie ɖe edzi hã o, abe Sodom kple Gomora kple Adma kple Zeboyim, du siwo Yehowa tsrɔ̃ le eƒe dɔmedzoe me ene. 24Amewo abia be, “Nu ka ta Yehowa wɔ anyigba sia alea ɖo? Nu ka ta wòdo dɔmedzoe nenema gbegbe ɖo?”

25Woagblɔ na wo be, “Elabena anyigba la dzi tɔwo gbe nubabla si Yehowa, woƒe tɔgbuiwo ƒe Mawu la wɔ kpli wo esi wòkplɔ wo dzoe le Egipte la dzi wɔwɔ, 26elabena wosubɔ mawu bubuwo, eye nuwɔna sia tsi tsitre ɖe Mawu ƒe se la ŋu. 27Eya ta Yehowa ƒe dɔmedzoe bi ɖe anyigba sia ŋu sesĩe nenema, ale eƒe fiƒode siwo katã woŋlɔ ɖe agbalẽ sia me la ɖi wo ŋu. 28Yehowa ɖe wo ɖa kple dɔmedzoe tso woƒe anyigba dzi, eye wòtsɔ wo ƒu gbe ɖe anyigba bubu dzi, afi si wole va se ɖe egbe.”

29Nu ɣaɣlawo nye Yehowa, mía Mawu tɔ; ke nu siwo wòɖe fia mí la nye míawo kple mía viwo tɔ tegbee, ale be míawɔ se sia me nyawo katã dzi.