Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures 2020

Mose 5 33:1-29

Mose yra Israel ƒe toawo

1Esiawoe nye nya siwo Mose, Mawu ƒe ame la tsɔ yra Israelviwo hafi ku:

2“Yehowa va mía gbɔ

le Sinai to la gbɔ;

eɖiɖi ɖe mía dzi

tso Seir to la dzi.

Eklẽ tso Paran to la dzi

ame kɔkɔe akpe nanewo ƒo xlãe,

dzo bibi nɔ eƒe nuɖusime.

3Elɔ̃ eƒe amewo ŋutɔ

eƒe ame kɔkɔewo le eƒe asi me

wole wò afɔtoƒe tom

woxɔ woƒe ɖoɖowo tso gbɔwò.

4Wò se siwo mede na wo la,

esiwo nye Yakob ha la ƒe domenyinu.

5Yehowa zu fia le Yesurun

esime Israel ƒe towo kpe ta.

6“Ruben anɔ agbe tegbee

eƒe dzidzimeviwo asɔ gbɔ!”

7Eye Mose gblɔ tso Yuda ŋu be:

“O! Yehowa, se Yuda ƒe kokoƒoƒo,

na wòawɔ ɖeka kple Israel

wɔ aʋa kple eƒe futɔwo nɛ.”

8Mose gblɔ tso Levi ƒe viwo ŋu be:

“Tsɔ wò Urim kple Tumim

na wò ame kɔkɔe Levi.

Èdo Levi kpɔ le Masa;

nèwɔ dzre kplii le Meriba tsia gbɔ.

9Ewɔ wò ɖoɖowo dzi,

ewu nu vɔ̃ wɔla geɖewo,

eya ŋutɔ ƒe viwo, nɔviŋutsuwo,

fofowo kple dadawo gɔ̃ hã.

10Levitɔwo afia Mose ƒe seawo Israel

woasubɔ wò le dzudzɔdovɔsamlekpui

kple numevɔsamlekpui la dzi.

11O! Yehowa, yra Levitɔwo

kpɔ ŋudzedze le woƒe dɔ

siwo wowɔna na wò la ŋu.

Fiti woƒe futɔwo gbidigbidi

na womagafɔ gbeɖe o.”

12Mose gblɔ tso Benyamin ŋu be,

“Yehowa ƒe lɔlɔ̃tɔe wònye

ele dedie le egbɔ

Yehowa tsɔ ametakpɔkpɔ ƒo xlãe,

ɖenɛ tso dzɔgbevɔ̃e ɖe sia ɖe me.”

13Mose gblɔ tso Yosef ƒe to la ŋu be,

“Yehowa nayra eƒe anyigba

kple nunana nyuitɔwo tso dziƒo

kple esiwo tso anyigba ƒe tume.

14Yehowa nayrae kple nuku nyuitɔwo

tso esiwo ɣe nana wotsina la dome

wòana nuwoe fũu ɣleti sia ɣleti

15nuku siwo wɔna nyuie le towo dzi

kple esiwo wɔna nyuie le togbɛwo dzi,

16Yehowa nayrae kple nunana nyuitɔwo

kple anyigbadzinu geɖewo,

kpakple Mawu, ame si ɖe eɖokui fia

le ŋuve ƒe bibi me la ƒe amenuveve.

Yayra siawo katã nava Yosef dzi.

Ame si nye fiavi le nɔviawo dome.

17Ele abe nyitsuvi ene

Le ŋusẽ kple ɖekadzedze me.

Eto dzo abe to ƒe dzowo ene;

Wòawo wòatsɔ tu dukɔwo aƒu anyi le afi sia afi.

Esiae nye nye yayra na Efraim ƒe ame akpe nanewo

kple Manase tɔ akpe akpewo.”

18Mose gblɔ tso Zebulon ŋu be,

“O! Zebulon, tso aseye

le wò gododo ŋuti,

eye Isaka, kpɔ dzidzɔ

wò ame si lɔ̃a agbadɔmenɔnɔ.

19Woawoe akpe amewo

be woaɖu yewoƒe vɔsanuwo kple yewo.

Kpɔ ɖa, woaɖu atsiaƒumenu nyuiwo

kple nu nyuitɔwo tso anyigba me.”

20Mose gblɔ tso Gad ŋu be,

“Woayra Gad ƒe kpeɖeŋutɔwo,

Gad tsyɔ akɔ anyi abe dzata ene

be yeavuvu abɔ kple ta.

21Wotsɔ anyigba ƒe nyuiƒewo

na wo ɖokuiwo;

wotsɔ kplɔla ƒe ɖuƒewo na wo.

Wowɔ Yehowa ƒe sewo kple ɖoɖowo dzi.”

22Mose gblɔ tso Dan ŋu be,

“Dan le abe dzatavi

si le kpo tim tso Basan ene.”

23Egblɔ tso Naftali ŋu be:

“O! Naftali, Yehowa yra wò ŋutɔ.

Wò anyigba ɖo anyigbeme

tso Galilea ƒu la nu.”

24Mose gblɔ tso Asar ŋu be:

“Woayra Aser wu to bubuawo katã;

wokpɔ ŋudzedze le eŋu wu nɔviawo,

amiti geɖewo amie na wò.

25Woatsɔ gayibɔ kple akɔbli atu wò du ƒe agbowoe

àkpɔ ŋusẽ le wò ŋkekewo katã me!

26Ame aɖeke mede Yehowa,

Yesurun ƒe Mawu la nu o.

Eɖiɖina tso dziƒo

Le fianyenye kple ŋutikɔkɔe me

be yeaxɔ na wò.

27Mawu mavɔ lae nye wò sitsoƒe,

eƒe abɔ mavɔ la le anyigba te.

Enyaa wò futɔwo ɖa le ŋgɔwò

eyae gblɔ na mi be,

‘Mitsrɔ̃ wo!’

28Ale Israel nɔa anyi dedie;

le anyigba si dzi bli kple wain bɔ ɖo,

eye tsi dzana tso dziƒo ɖo.

29Woayra wò, Israel, ŋutɔŋutɔ!

Ame bubu kae gakpɔ ɖeɖe

tso Yehowa gbɔ?

Wò akpoxɔnu kple kpeɖeŋutɔe!

Eyae nye wò yi ɖaɖɛ la.

Wò futɔwo ade ta agu le ŋgɔwò

eye nànya avuzi le wo dzi!”