Biblica® Open Ewe Contemporary Scriptures 2020

Nyaɖeɖefia 7:1-17

Wotre ame akpe alafa ɖeka blaene-vɔ-ene nu

1Le esia megbe la, mekpɔ mawudɔla ene wole tsitre ɖe anyigba ƒe dzogoe eneawo dzi, eye wona be ya eneawo magaƒo ato anyigba, atsiaƒu alo ati aɖeke dzi o. 2Tete mekpɔ mawudɔla bubu tso ɣedzeƒe gbɔna, eye wòlé Mawu gbagbe la ƒe nutrenu ɖe asi. Eyɔ mawudɔla ene, ame siwo wona ŋusẽe be woawɔ nu vevi anyigba kple atsiaƒu la kple gbe sesẽ be, 3“Mègawɔ nu vevi aɖeke anyigba, atsiaƒu loo alo atiwo o, va se ɖe esime míatsɔ nutrenu aɖo ŋgonu na míaƒe Mawu la ƒe dɔlawo.” 4Emegbe la, mekpɔ ame siwo wotsɔ nutrenu ɖo ŋgonu na la ƒe xexlẽme. Wole ame akpe alafa ɖeka blaene-vɔ-ene (144,000) eye wo katã wotso Israel ƒe toawo me.

5Wode dzesi ame akpe wuieve (12,000) tso Yuda ƒe to la me,

wode dzesi ame akpe wuieve (12,000) tso Ruben ƒe to la me,

wode dzesi ame akpe wuieve (12,000) tso Gad ƒe to la me,

6wode dzesi ame akpe wuieve (12,000) tso Aser ƒe to la me,

wode dzesi ame akpe wuieve (12,000) tso Naftali ƒe to la me,

wode dzesi ame akpe wuieve (12,000) tso Manase ƒe to la me,

7wode dzesi ame akpe wuieve (12,000) tso Simeon ƒe to la me,

wode dzesi ame akpe wuieve (12,000) tso Levi ƒe to la me,

wode dzesi ame akpe wuieve (12,000) tso Isaka ƒe to la me,

8wode dzesi ame akpe wuieve (12,000) tso Zebulon ƒe to la me,

wode dzesi ame akpe wuieve (12,000) tso Yosef ƒe to la me,

wode dzesi ame akpe wuieve (12,000) tso Benyamin ƒe to la me.

Ameha gã si le awu ʋlaya ɣiwo me

9Le esia megbe la, mekpɔ ameha gã aɖe si womate ŋu axlẽ o la le nye ŋkume. Wotso dukɔ sia dukɔ, to sia to, ƒome ɖe sia ɖe kple gbegbɔgblɔ ɖe sia ɖe me. Wole tsitre ɖe fiazikpui la ŋgɔ le Alẽvi la ŋkume. Wodo awu ʋlaya ɣiwo, eye wolé deʋayawo ɖe asi. 10Wole ɣli dom kple gbe sesẽ be,

“Xɔname nye míaƒe Mawu la tɔ,

ame si nɔ anyi ɖe fiazikpui la dzi,

kple Alẽvi la tɔ.”

11Mawudɔlawo katã nɔ tsitre ƒo xlã fiazikpui la, amegãxoxoawo kple nu gbagbe eneawo. Wotsyɔ mo anyi ɖe fiazikpui la ŋgɔ, eye wosubɔ Mawu, 12le gbɔgblɔm be,

“Amen!

Kafukafu kple ŋutikɔkɔe

kple nunya kple akpedada kple bubu

kple ŋusẽ kple ŋutete

nanye míaƒe Mawu la tɔ

tso mavɔ me yi mavɔ me.

Amen!”

13Tete amegãxoxoawo dometɔ ɖeka biam be, “Ame kawoe nye ame siawo le awu ʋlaya ɣiwo me, eye afi ka wotso?”

14Meɖo eŋu nɛ be, “Aƒetɔ, wòe nyae.”

Eye wògblɔ nam be, “Woawoe nye ame siwo do go tso xaxa gã la me. Wonya woƒe awu ʋlayawo, eye wowɔ wo ɣie to Alẽvi la ƒe ʋu me. 15Eya ta,

“wole Mawu ƒe fiazikpui la ŋgɔ ɖo,

eye wosubɔnɛ le eƒe gbedoxɔ me zã kple keli,

eye ame si nɔ fiazikpui la dzi la

akeke eƒe agbadɔ ɖe wo dzi.

16‘Dɔ magawu wo akpɔ gbeɖe o.

Tsikɔ hã magawu wo akpɔ gbeɖe o.

Ɣe magaɖu wo o.’

Alo ŋdɔkutsu nagaɖu wo o,

17elabena Alẽvi si le fiazikpui la titina la

anye woƒe kplɔla.

‘Akplɔ wo ayi agbetsi dzidziwo gbɔe,’

‘eye Mawu ŋutɔ atutu aɖatsi ɖe sia ɖe le woƒe ŋkume.’ ”