Nutrenu adrelia kple sikadzoɖesonu la
1Esi wòʋu nutrenu adrelia la, ɖoɖoe gã aɖe zi le dziƒo abe gaƒoƒo afã ene, 2eye mekpɔ mawudɔla adre siwo nɔ tsitre ɖe Mawu ŋkume la, eye wotsɔ kpẽ adre na wo. 3Mawudɔla bubu si lé sikadzoɖesonu ɖe asi la hã va tsi tsitre ɖe vɔsamlekpui la gbɔ. Wotsɔ dzudzɔʋeʋĩdonu geɖe nɛ be wòatsɔ akpe ɖe ame kɔkɔeawo katã ƒe gbedodoɖawo ŋu, atsɔ aɖo sikavɔsamlekpui si le fiazikpui la ŋgɔ la dzi. 4Dzudzɔʋeʋĩdonu la ƒe dzudzɔ kpe ɖe ame kɔkɔeawo ƒe gbedodoɖa ŋu ɖo Mawu gbɔ tso mawudɔla la ƒe asi me. 5Emegbe la, mawudɔla la tsɔ dzoɖesonu la ɖe asi, ɖe dzo tso vɔsamlekpui la dzi kɔ ɖe eme, eye wòtsɔe xlã ɖe anyigba. Tete sokpewo ge tso dziƒo, dzi ɖe gbe, dzi ke dzo, eye anyigba ʋuʋu.
Kpẽ adreawo kuku
6Mawudɔla adre siwo wotsɔ kpẽ adreawo na la nɔ klalo na wo kuku.
7Mawudɔla gbãtɔ ku eƒe kpẽ la. Tete tsikpe dza, eye wotsɔ dzo si wotɔtɔ kple ʋu la kɔ ɖe anyigba. Tete anyigba ƒe mama etɔ̃ ƒe akpa ɖeka fia. Atiwo hã ƒe mama etɔ̃ ƒe ɖeka fia. Nenema ke gbe damawo katã hã fiae.
8Mawudɔla evelia ku eƒe kpẽ la, eye wòtsɔ nane si lolo abe to ene, eye wòle bibim la ƒu gbe ɖe atsiaƒu me. Atsiaƒu la ƒe mama etɔ̃ ƒe ɖeka trɔ zu ʋu. 9Nu gbagbe siwo katã le atsiaƒua me la ƒe mama etɔ̃ ƒe ɖeka ku, eye tɔdziʋu siwo katã nɔ atsiaƒua dzi la ƒe mama etɔ̃ ƒe ɖeka hã tsrɔ̃.
10Mawudɔla etɔ̃lia ku eƒe kpẽ la, eye ɣletivi gã aɖe si le bibim abe akakati gã aɖe ene la ge tso dziƒo va dze tɔsisiwo kple vudowo ƒe mama etɔ̃ ƒe ɖeka dzi. 11Ɣletivi sia ŋkɔe nye “Veve.” Ale tsiwo katã ƒe mama etɔ̃ ƒe ɖeka trɔ zu tsi veve. Ale ame geɖewo ku to tsi veve sia nono me.
12Mawudɔla enelia ku eƒe kpẽ la. Tete wòtsɔ nu xe ɣe, ɣleti kple ɣletiviwo ƒe mama etɔ̃ ƒe ɖeka ŋkume, eye viviti do. Ale ŋkeke ƒe mama etɔ̃ ƒe ɖeka mekpɔ kekeli o, eye nenema ke zã ƒe mama etɔ̃ ƒe ɖeka hã mekpɔ kekeli o.
13Esi mele nu siawo kpɔm la, mese hɔ̃ aɖe si nɔ dzodzom le dziƒo titina la gblɔ kple gbe gã aɖe be, “Babaa! Babaa! Babaa na anyigbadzinɔlawo le kpẽ siwo mawudɔla etɔ̃ mamlɛawo ava ku la ta!”