1Nye, Yakobo, Mawu kple Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe dɔla gbɔe agbalẽ sia tso,
Na Mawu ƒe ame siwo kaka ɖe xexea me godoo:
Mele gbe dom na mi katã.
Tetekpɔ kple dodokpɔ
2Nɔvi lɔlɔ̃awo, ne dodokpɔ ƒomevi geɖewo tu mi la, mibui dzidzɔ sɔŋ, 3elabena mienyae bena miaƒe xɔse ƒe dodokpɔ hea dzidodo vanɛ. 4Ele be dzidodo nawu eƒe dɔ nu, ale be miatsi, azu blibo, eye naneke mahiã mi o.
5Ne ame aɖe hiã nunya la, nebia Mawu, ame si naa nu ame sia ame faa kple dɔmekɔkɔ, eye Mawu anae fɔbubumanɔmee. 6Gake ne ebia la, ele nɛ be wòaxɔe ase ɖikeke manɔmee, elabena ame si kea ɖi la le abe ƒutsotsoe si ya ƒona yina gbɔna la ene. 7Ame ma megasusu be yeaxɔ naneke tso Aƒetɔ la gbɔ o, 8elabena enye dzi eve me susula, eye meli ke le nu siwo katã wòwɔna la me o. 9Nɔvi si mele nɔƒe kɔkɔ aɖeke o la neƒo adegbe be wodo ye ɖe dzi. 10Ke ame si si kesinɔnuwo le la neƒo adegbe be yemenye naneke o, elabena enu ava yi abe seƒoƒo si le gbedzi la ene. 11Elabena ɣe dzena, eye ɣe la ƒe ŋusẽ nana gbe yrɔna, eye eƒe seƒoƒo duduna, ale wòbua eƒe nyonyo. Nenema ke kesinɔtɔ hã nu ava yi esime wòɖo eƒe agbe ƒe viviƒe.
12Woayra ame si doa dzi le tetekpɔ me la, elabena ne enɔ te va se ɖe nuwuwu la, axɔ agbefiakuku si ƒe ŋugbe Mawu do na ame siwo lɔ̃nɛ la.
13Ne wote ame aɖe kpɔ la, megagblɔ be, “Mawu le teyem kpɔ o,” elabena womate ŋu atsɔ nu vɔ̃ɖi ate Mawu kpɔ alo eya ŋutɔ hã nate ame aɖeke kpɔ o. 14Ke boŋ ame sia ame ƒe didi vɔ̃woe tenɛ kpɔ, eye woblea enu hehenɛ dzonae. 15Emegbe la, didi vɔ̃ la fɔa fu hedzia nu vɔ̃, eye ne nu vɔ̃ tsi nyuie la, edzia ku.
Nu Nyuiwo katã tsoa Mawu gbɔ
16Nɔvi lɔlɔ̃awo, migana woable mi o. 17Nunana nyui kple nunana deblibo ɖe sia ɖe la, dziƒo wòtsona, tso dziƒokekeli ƒe Fofo la gbɔ, ame si metrɔna abe ale si vɔvɔli trɔna ene o. 18Enye eƒe lɔlɔ̃nu be wòadzi mí to nyateƒe ƒe nya la me, ale be míanye eƒe nuwɔwɔwo katã ƒe kutsetse gbãtɔ.
Nya la sese kple edziwɔwɔ
19Nɔvinye lɔlɔ̃awo, milé ŋku ɖe nu sia ŋu be: ame sia ame naɖe abla le nusese me, nanɔ blewu le nuƒoƒo kple dɔmedzoedodo me, 20elabena ame ƒe dɔmedzoe mehea dzɔdzɔenyenye ƒe agbenɔnɔ si Mawu di la vanɛ o. 21Eya ta miɖe ŋutilãmeɖiƒoƒowo katã ɖi kple nu vɔ̃ɖi wɔwɔ si bɔ ɖe mia dome la ɖi, eye miatsɔ ɖokuibɔbɔ axɔ nya si wodo ɖe mia me, esi si ŋusẽ le be wòaɖe miaƒe luʋɔwo.
22Miganye nya la selawo ko, ahanɔ mia ɖokuiwo blem o, ke boŋ miwɔ ɖe nu si nya la gblɔ la dzi, 23elabena ame aɖe si se nya la, eye mewɔ ɖe edzi o la ɖi ame aɖe si kpɔ eƒe mo le ahuhɔ̃e me. 24Ke esi wòdzo le ahuhɔ̃ea gbɔ la, megaɖo ŋku ale si eƒe dzedzeme le la dzi o. 25Ke ame si dzroa Mawu ƒe se si de blibo si naa ablɔɖe ame la me tsitotsito ɣe sia ɣi, eye meŋlɔa nu si wòsrɔ̃ la be o, ke boŋ wòwɔa edzi la, woayrae le nu si wòwɔna la me.
Xɔse kple dɔwɔwɔ
26Ne ame aɖe gblɔ be yenye xɔsetɔ, ke mede ga eƒe aɖe o la, ele eɖokui blem, eye eƒe xɔse la hã nye dzodzro. 27Xɔse si mía Mawu Fofo la xɔna abe esi le dzadzɛe, eye kpɔtsɔtsɔ mele eŋu o lae nye esi be: woakpɔ tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo dzi le woƒe xaxawo me, eye be amea maƒo ɖi eɖokui kple xexemenuwo o.