Nuxɔxlɔ̃ kesinɔtɔ ŋutasẽlawo
1Azɔ la, mi kesinɔtɔwo, miɖo to nyuie, mido ɣli, eye mifa avi le fukpekpe si gbɔna mia dzi va ge la ta. 2Miaƒe kesinɔnuwo nyunyɔ, eye agbagblaʋui ɖu miaƒe avɔ nyuiwo keŋkeŋ. 3Miaƒe sika kple klosalowo lé ɣebia, eye woƒe ɣebialéle sia nye ɖaseɖiɖi si tsi tsitre ɖe mia ŋu hele miaƒe ŋutilã ɖum abe dzo ene. Mieha kesinɔnuwo dzra ɖo fũu le ŋkeke mamlɛawo me. 4Mikpɔ ɖa, dɔwɔla siwo ŋlɔ miaƒe agblewo me, eye miegbe fexexe na wo la le avi fam ɖe mia ŋuti. Nenema ke, ame siwo xa nu na mi le agble me la ƒe ɣlidodo va ɖo to me na Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ. 5Mienɔ xexea me le agbeɖuɖu blibo me, eye mietsɔ mia ɖokuiwo de vivisese geɖe me. Mienyi mia ɖokuiwo heda ami le wuwuŋkeke la lalam. 6Miebu fɔ amewo, eye miewu ame maɖifɔ siwo metsi tsitre ɖe mia ŋu o la.
Dzidodo le fukpekpe me
7Eya ta nɔvinyewo, migbɔ dzi ɖi blewu va se ɖe Aƒetɔ la ƒe vava. Mienya ale si agbledela lalana na eƒe agblemenukuwo be woatse ku, eye wògbɔa dzi ɖi na adametsi kple kelemetsi. 8Alea ke wòle be miawo hã miagbɔ dzi ɖi, eye mianɔ tsitre sesĩe elabena Aƒetɔ la ƒe vava ɖo vɔ. 9Nɔviwo, migalĩ liʋĩliʋĩ le mia nɔewo ŋu o, ne menye nenema o la, woadrɔ̃ ʋɔnu mi. Ʋɔnudrɔ̃la la ƒe afɔ le ʋɔtru la nu.
10Nɔviwo, mina nyagblɔɖila siwo gblɔ Mawu ƒe nya na amewo le Aƒetɔ la ƒe ŋkɔ me la nanye kpɔɖeŋu na mi le fukpekpewo me. 11Abe ale si wòle nyanya me na mi ene la, míebua ame siwo do dzi le xaxawo me la be wonye yayramewo. Miese Hiob ƒe dzidodo le fukpekpe me ƒe nyawo, eye mienya ale si Aƒetɔ la wɔ nɛ le nuwuwu. Aƒetɔ la nye dɔmenyotɔ kple nublanuikpɔla gã aɖe. 12Gawu la, nɔvinyewo, migata nu o, eɖanye anyigba alo dziƒo alo nu bubu aɖe o. Miaƒe ɛ̃ nanye ɛ̃, eye miaƒe o nanye o; ne menye nenema o la, miadze na ʋɔnudɔdrɔ̃.
Xɔse ƒe gbedodoɖa
13Mia dometɔ aɖe le fu kpema? Nedo gbe ɖa. Mia dometɔ aɖe le dzidzɔ kpɔma? Nedzi kafukafuhawo. 14Ame aɖe le dɔ lém le mia domea? Neyɔ hanunɔlawo ne woado gbe ɖa ɖe eta, eye woasi ami nɛ le Aƒetɔ la ƒe ŋkɔ me. 15Eye gbe si wodo ɖa le xɔse me la ana be amea ƒe lãme nasẽ, eye Aƒetɔ la afɔe ɖe tsitre. Ne ewɔ nu vɔ̃ hã la, woatsɔe akee. 16Eya ta miʋu miaƒe nu vɔ̃wo me na mia nɔewo, eye miado gbe ɖa ɖe mia nɔewo ta be miaƒe lãme nasẽ. Ame dzɔdzɔe ƒe gbedodoɖa nu sẽna, eye wòwɔa dɔ.
17Eliya nye amegbetɔ abe míawo ke ene. Edo gbe ɖa vevie be tsi megadza o, eye tsi medza ɖe anyigba dzi o ƒe etɔ̃ kple afã sɔŋ. 18Emegbe la, egado gbe ɖa, dziƒo nu ʋu, eye tsi dza, ale be anyigba gatse eƒe kutsetsewo.
19Nɔvinye lɔlɔ̃awo, ne mia dometɔ aɖe tra tso nyateƒe la gbɔ, eye ame aɖe kplɔe gbɔe la, 20kakaɖedzi nenɔ mia si be ame sia ame si na nu vɔ̃ wɔla trɔ tso eƒe mɔ vɔ̃ dzi la aɖe vɔ̃wɔla la tso ku me, eye woatsɔ eƒe nu vɔ̃ gbogboawo akee.