Mawu vi la dzixɔse
1Ame sia ame si xɔe se be Yesue nye Kristo la la, wodzii tso Mawu me, eye ame sia ame si lɔ̃a Fofo la la, lɔ̃a Via hã. 2Esiae nye ale si míenyana be míelɔ̃a Mawu Viwo: to Mawu lɔlɔ̃ kple eƒe seawo dzi wɔwɔ me. 3Esiae nye lɔlɔ̃ na Mawu: be woawɔ eƒe seawo dzi, elabena eƒe sewo mesesẽ o. 4Elabena ame si wodzi le Mawu me la ɖu xexea me dzi. Míaƒe xɔsee nye nu si ɖu xexea me dzi. 5Ame kae nye ame si ɖu xexea me dzi? Ame si xɔe se be Yesue nye Mawu Vi la koe.
6Yesu Kristoe nye ame si va to tsi kple ʋu me. Meva to tsi me ɖeɖe ko o, ke boŋ to tsi kple ʋu me. Eye Gbɔgbɔ lae le ɖase ɖim le nu sia ŋu, elabena Gbɔgbɔ lae nye nyateƒe la. 7Ame etɔ̃e li, ame siwo le ɖase ɖim le dziƒo: Fofo la, Nya la kple Gbɔgbɔ kɔkɔe la, eye ame etɔ̃ siawo le ɖeka. 8Eye ame etɔ̃ siawo le ɖase ɖim le anyigba dzi, woawoe nye Gbɔgbɔ la, Tsi la kple Ʋu la, eye wo katã ƒe ɖaseɖiɖi le ɖeka. 9Míexɔa amegbetɔwo ƒe ɖaseɖiɖiwo, ke Mawu ƒe ɖase si wòɖi le Via ŋu la de ŋgɔ sãa wu esiawo. 10Eya ta ame sia ame si xɔa Mawu Vi la dzi sena la ɖia ɖase le eƒe dzi me. Eye ame si mexɔa Mawu dzi se o la, ewɔ Mawu aʋatsokalae, elabena mexɔ ɖase si Mawu ɖi le Via ŋu la dzi se o. 11Ke ɖaseɖiɖi lae nye esi be Mawu na agbe mavɔ mí, eye agbe mavɔ sia le Via me. 12Ame si si Vi la le la agbe le esi, eye ame si si Mawu Vi la mele o la, agbe mele esi o.
Taƒonyawo
13Mele nu siawo ŋlɔm ɖo ɖe mi ame siwo xɔ Mawu Vi la ƒe ŋkɔ dzi se la, ale be mianya be agbe mavɔ le mia si. 14Kakaɖedzi sia le mía si le tete ɖe Mawu ŋu me, be ne míebia nu si sɔ ɖe eƒe lɔlɔ̃nu dzi la, eɖoa to mí. 15Eye ne míenyae be eɖoa to mí la, ekema nu sia nu si míebiae la, míenyae be míaƒe asi su edzi xoxo.
16Ne ame aɖe kpɔ be ye nɔvi wɔ nu vɔ̃ si ƒe fetu menye ku o la, nedo gbe ɖa, ale be Mawu naxɔe ɖe agbe. Mele esia gblɔm ku ɖe ame siwo ƒe nu vɔ̃ mehea ku vanɛ o la ŋuti. Nu vɔ̃ aɖe li si hea ame yia ku me, menye nu vɔ̃ sia tɔgbe ƒe nya gblɔm mele o. 17Nu gbegblẽ wɔwɔ ɖe sia ɖe ƒomevi nye nu vɔ̃, gake nu vɔ̃ aɖewo li siwo mehea ame yia ku mee o.
18Minyae kɔtɛe be ne wodzi ame aɖe tso Mawu me la, meganɔa nu vɔ̃ wɔwɔ dzi atraɖii o; Mawu Vi la ŋutɔ kpɔa eta be wònɔna dedie, eye Vɔ̃ɖitɔ la metea ŋu kaa asi eŋu o. 19Míenyae be Mawu viwoe míenye, eye be xexea me blibo la le vɔ̃ɖitɔ la ƒe ŋusẽ te. 20Míenyae hã be Mawu Vi la va, eye wòna nugɔmesese mí, ale be míanye eya ame si nye nyateƒea. Míele nyateƒea si nye Via Yesu Kristo la me. Eyae nye nyateƒe Mawu kple agbe mavɔ la.
21Vinye lɔlɔ̃awo, miɖe mia ɖokuiwo ɖa le legbawo gbɔ.