Aʋatsotso le Gilgal
1Esi Amoritɔwo, ame siwo nɔ Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣedzeƒe lɔƒo kple Kanaantɔwo, ame siwo nɔ Domeƒu la nu se be Yehowa na Yɔdan tɔsisi la mie, ale be Israelviwo te ŋu zɔ ƒuƒuiƒe le tɔʋu la me hetso tɔsisia la, dzi ɖe le wo ƒo, eye vɔvɔ̃ ɖo wo ŋutɔŋutɔ.
2Yehowa gblɔ na Yosua be, “Tsɔ kpe nàwɔ hɛwo, eye nàtso aʋa na Israel ŋutsuwo katã.” 3Yosua wɔ ɖe Yehowa ƒe ɖoɖo la dzi, eye wòtso aʋa na Israel ŋutsuwo katã le Aralɔt togbɛ la gbɔ. 4Azɔ la, susu si ta wòwɔe ɖo lae nye esi: ame siwo katã do tso Egipte, ŋutsu siwo katã ate ŋu ayi aʋa la ku ɖe gbea dzi esi wodo go tso Egipte. 5Wotso aʋa na ame siwo katã do go tso Egipte, ke wometsoe na ame siwo katã wodzi le gbea dzi esi wodo go tso Egipte la o. 6Israel dukɔ la tsa tsaglalã le gbedzi ƒe blaene sɔŋ va se ɖe esime ŋutsu siwo katã tsi, eye woate ŋu ade aʋa esi wodzo le Egipte la ku. Womeɖo to Yehowa o, eya ta Yehowa ka atam be yemana woade anyigba si ŋugbe yedo na Israel, “Anyigba si dzi notsi kple anyitsi bɔ ɖo” la dzi o. 7Ale Yosua tso aʋa na wo viŋutsuwo, ame siwo tsi va xɔ ɖe wo fofowo teƒe la azɔ.
8Esi wotso aʋa na ŋutsuawo vɔ la, dukɔ blibo la tɔ ɖe asaɖa la me va se ɖe esime abiawo ku. 9Yehowa gblɔ na Yosua be, “Egbe la, miaƒe kluvinyenye le Egipte ƒe ŋukpe la ɖe ɖa,” eya ta woyɔa teƒe ma va se ɖe egbe be Gilgal, si gɔmee nye, “Ɖeɖeɖa.”
10Esime wonɔ asaɖa me le Gilgal le Yeriko gbedzi la, woɖu Ŋutitotoŋkekenyui le ɣleti la ƒe ŋkeke wuienelia ƒe fiẽ. 11Gbe ma gbe ƒe fɔŋlie nye ŋkeke gbãtɔ si dzi woɖu nukuwo tso Kanaanyigba la dzi; woɖu bli meme kple amɔ maʋamaʋã. 12Esi ŋu ke la, mana megadza o, eye womegakpɔe kpɔ va se ɖe egbe o! Eya ta tso gbe ma gbe dzi la, woɖua Kanaanyigba dzi nukuwo.
Mawudɔla aɖe ɖe eɖokui fia Yosua
13Esime Yosua nɔ teƒe si te ɖe Yeriko ŋu, eye wòfɔ kɔ dzi ko la, ame aɖe si lé yi ɖe asi la do ɖe eŋkume kpoyi! Yosua te ɖe eŋu, eye wòbiae be, “Mía dzie nèle loo alo míaƒe futɔe nènye?”
14Ŋutsu la ɖo eŋu be, “Yehowa ƒe aʋakɔ ƒe Aʋafiae menye.” Yosua tsyɔ mo anyi, de ta agu nɛ kple vɔvɔ̃, eye wògblɔ nɛ be, “Wò dɔlae menye; nu ka nèdi be mawɔ?”
15Yehowa ƒe Aʋafia la gblɔ nɛ be, “Ɖe wò afɔkpa le afɔ, elabena teƒe kɔkɔe aɖee nètsi tsitre ɖo!” Yosua wɔ nu si Aʋafia la ɖo nɛ, heɖe eƒe afɔkpa la le afɔ.